|
| 1 |
|
| Noa ƒe viwo, Sem, Ham kple Yafet dzi viŋutsuwo le tsiɖɔɖɔ la megbe. Woƒe dzidzimeviwo yi ale: |
|
| 2 |
|
| Yafet ƒe viwoe nye: Gomer, Magog, Madai, Yavan, Tubal, Mesek kple Tiras. |
|
| 3 |
|
| Gomer ƒe viŋutsuwoe nye: Askenaz, Rifat kple Togarma. |
|
| 4 |
|
| Yavan ƒe viŋutsuwoe nye: Elisa, Tarsis, Kititɔwo kple Dodanitɔwo. |
|
| 5 |
|
| (Woƒe dzidzimeviwo va zu ƒutadukɔwo le anyigba vovovowo dzi, eye woƒe gbegbɔgblɔwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ.) |
|
| 6 |
|
| Ham ƒe viŋutsuwoe nye: Kus, Egipte, Put kple Kanaan. |
|
| 7 |
|
| Kus ƒe viŋutsuwoe nye: Seba, Havila, Sabta, Raama kple Sabteka. Raama ƒe viŋutsuwoe nye: Seba kple Dedan. |
|
| 8 |
|
| Kus ƒe dzidzimevie nye Nimrɔd, ame si va zu kalẽtɔ gã aɖe le anyigba la dzi. |
|
| 9 |
|
| Enye adela xɔŋkɔ aɖe si Yehowa yra, eye ame geɖewo kafunɛ. Amewo ɖia ɖase tso ame bubuwo ŋu be wole “abe Nimrɔd, adela xɔŋkɔ si Yehowa yra la ene.” |
|
| 10 |
|
| Eɖu Babel, Erek, Akad kple Kalne si nɔ Sinarnyigba la dzi gbã. |
|
| 11 |
|
| Tso anyigba ma dzi la, eyi Asiria, afi si wòtu Ninive, Rehobot Ir, Kala |
|
| 12 |
|
| kple Resen ɖo; Resen le Ninive kple Kala dome, eye eyae nye du gã la. |
|
| 13 |
|
| Ame siwo nye Egipte ƒe dzidzimeviwo lae nye: Ludimtɔwo, Anamimtɔwo, Lehabitɔwo, Naftuhitɔwo, |
|
| 14 |
|
| Patrusitɔwo, Kasluhitɔwo (ame siwo me Filistitɔwo dzɔ tso) kple Kaftoritɔwo. |
|
| 15 |
|
| Kanaan ƒe viwo dometɔ aɖewoe nye: Sidon, ame si nye eƒe ŋgɔgbevi kple Het. |
|
| 16 |
|
| Kanaan ƒe dzidzimeviwoe nye: Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgasitɔwo, |
|
| 17 |
|
| Hivitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, |
|
| 18 |
|
| Arvaditɔwo, Zemaritɔwo kple Hamatitɔwo. (Kanaan ƒe dzidzimeviwo kaka |
|
| 19 |
|
| tso Sidon yi Gerar va Gaza, Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim va se ɖe Lasa.) |
|
| 20 |
|
| Ame siawoe nye Ham ƒe dzidzimeviwo. Wonɔ anyigba geɖewo dzi, eye wonye dukɔ geɖewo. Gbegbɔgblɔ vovovowo nɔ wo si. |
|
| 21 |
|
| Sem, ame si nye Yafet nɔvi tsitsitɔ ƒe vie nye Eber. |
|
| 22 |
|
| Sem ƒe dzidzimeviwoe nye: Elam, Asur, Arfaxad, Lud kple Aram. |
|
| 23 |
|
| Aram ƒe dzizimeviwoe nye: Uz, Hul, Geter kple Mas. |
|
| 24 |
|
| Arfaxad ƒe vie nye Sela, ame si dzi Eber. |
|
| 25 |
|
| Vi eve nɔ Eber si: woawoe nye Peleg kple Yoktan. Peleg gɔmee nye “Memama,” elabena eƒe agbenɔɣi mee woma anyigba na gbe vovovoawo gblɔlawo. |
|
| 26 |
|
| Yoktan ƒe viwoe nye: Almodad, Selef, Hazarmavet, Yera, |
|
| 27 |
|
| Hadoram, Uzal, Dikla, |
|
| 28 |
|
| Obal, Abimael, Seba, |
|
| 29 |
|
| Ofir, Havila kple Yobab. Ame siawo katã nye Yoktan ƒe viŋutsuwo. |
|
| 30 |
|
| (Yoktan ƒe dzidzimevi siawo nɔ teƒe si tso Mesa va do ɖe Sefar ƒe ɣetoɖoƒewo gbɔ.) |
|
| 31 |
|
| Ame siawoe nye Sem ƒe dzidzimeviwo. Woɖo wo ɖe woƒe dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple woƒe nɔƒewo nu. |
|
| 32 |
|
| Ame siwo katã woyɔ va yi la nye Noa ƒe dzidzimeviwo, to dzidzime geɖewo me, eye wonɔ dukɔ vovovo siwo dzɔ le tsiɖɔɖɔ megbe la me. |
|
|
|
|