gbe alo ati aɖeke menɔ anyigba dzi o, eye nuku aɖeke hã memie ɖi o, elabe Aƒetɔ Mawu mena tsi dza o, eye gawu la, ame aɖeke mele anyigba dzi ade agble ɖe edzi o.
Azɔ Aƒetɔ Mawu na ati vovovo siwo nyakpɔna kple esiwo ƒe kutsetse nyo na ɖuɖu la mie tso anyigba me. Ati si naa agbe kple ati si nana be wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
Ale Aƒetɔ Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo kple xewo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeakpɔ ŋkɔ si wòana wo la ɖa. Ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la, nenemae nye eƒe ŋkɔ.
Tete ŋutsu la gblɔ be: “Ehɛ̃, azɔ ko! Ame sia ƒe ƒu tso nye ŋutɔ nye ƒu me, eƒe lã tso nye ŋutɔ nye lã me. Woayɔ eya be nyɔnu, elabe ŋutsu mee woɖee tsoe.”