×

EƲEGBE BIBLIA 2014

1 Mose 21

1
Aƒetɔ ve Sara nu abe ale si wògblɔ ene, eye wòwɔ eƒe ŋugbedodo la dzi nɛ.
2
Ale Sara fɔ fu, eye wòdzi viŋutsu na Abraham le eƒe amegãkuku me le ɣeyiɣi, si Mawu gblɔ ɖi xoxo la dzi.
3
Abraham tsɔ ŋkɔ na ɖevi si Sara dzi nɛ la be Isak.
4
Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, Abraham tso aʋa nɛ abe ale si Mawu ɖo nɛ ene.
5
Abraham xɔ ƒe alafa ɖeka esime wodzi Isak.
6
Sara gblɔ be: “Mawu do nukokoe nam. Ame sia ame si ase nya sia la, aɖi kokoe nɛ.”
7
Azɔ egblɔ yi edzi be: “Ame kae bui kpɔ be yeagblɔ na Abraham be, ‘Sara hã ava na no vi?’ Ke, togbɔ be wòtsi, ku amegã hã la, nyee nye esi dzi vi nɛ.”
8
Isak va tsi. Gbe si gbe woɖee le no nu la, Abraham ɖo kplɔ̃ gã aɖe na amewo.
9
Gbe ɖeka la, Sara kpɔ Egipte-nyɔnua, Hagar vi, Ismael, ame si wòdzi na Abraham la, wònɔ fefem kple via Isak.
10
Ale Sara gblɔ na Abraham be: “Nyà kosi sia kple via. Elabe vinye mele dome nyi ge kple kosi sia ƒe vi o.”
11
Ke nya la mesɔ na Abraham kura o, elabe Ismael hã nye via.
12
Tete Mawu gblɔ na Abraham be: “Mègana nya sia naɖe fu na wò le ɖevia kple wò kosi la ta o. Ke boŋ nya sia nya si Sara gblɔ na wò la nàɖo toe, elabe Isak me wò dzidzimeviwo ado tso.
13
Mana dukɔ nado tso kosi vi la hã me, elabe eya hã viwòe.”
14
Ale esi Abraham fɔ ŋdi kanya la, edi nuɖuɖu na Hagar. Eku tsi ɖe lãgbalẽgolo me wòyɔ, eye wòkɔ ɖevia kple nuawo ɖo abɔta nɛ hedo mɔe. Hagar dzo, eye wòyi ɖatsa le Beer-Seba gbegbe.
15
Esi tsia vɔ la, Hagar tsɔ ɖevia mlɔ ati dodoe aɖe te,
16
elabe egblɔ na eɖokui be: “Nyemate ŋu ado dzi akpɔ ɖevia kuƒe o.” Ale wòdzo yi ɖabɔbɔ nɔ adzɔge abe kpedada ɖeka ƒe didime ene tso egbɔ. Azɔ ɖevia wó avi kple ɣli.
17
Ke Mawu se ŋutsuvia ƒe gbe, eye mawudɔla yɔ Hagar tso dziƒo gblɔ nɛ be: “Hagar, nu kae le wɔwòm? Mègavɔ̃ o. Mawu se ŋutsuvia ƒe gbe le afi si wòle.
18
Tso nàyi ɖakɔe, eye nàlée ɖe asi, elabe mana eƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã aɖe.”
19
Tete Mawu ʋu Hagar ƒe ŋkuwo, eye wòkpɔ tsivudo aɖe le afi ma. Eyi ɖaku tsia ɖe lãgbalẽgolo la me wòyɔ. Ekɔe vɛ, eye wòna ɖe ɖevia wòno.
20
Mawu nɔ kple ɖevia, wòtsi. Enɔ gbedadaƒo, eye wòva zu aŋutrɔdala nyui aɖe.
21
Enɔ Paran-gbegbe, eye nɔa ɖe srɔ̃ nɛ tso Egipte-nyigba dzi.
22
Ɣe ma ɣi la, Abimelex kple eƒe aʋakplɔla Pixol yi ɖagblɔ na Abraham be: “Mawu li kpli wò le nu sia nu si nèwɔna la me.
23
Eya ta ka atam nam le Mawu ŋkume afii, fifi laa be yemable nye ŋutɔ loo, vinyewo loo, alo nye dzidzimeviwo akpɔ o. Mewɔ nuteƒe na wò va yi, eya ta ka atam nam be ye hã yeawɔ nuteƒe nam kple anyigba si dzi yeva le fifia la hã.”
24
Abraham gblɔ be: “Meka atam be mawɔ nuteƒe na mi.”
25
Tete Abraham ƒo nu kple Abimelex le tsivudo si Abimelex ƒe dɔlawo xɔ le esi sesẽe la ŋuti.
26
Abimelex gblɔ be: “Nyemenya ame si wɔ nu sia o, mègblɔe nam kpɔ o, eye nyemese naneke tso eŋu kpɔ wu egbe o.”
27
Azɔ Abraham na alẽwo kple nyiwo Abimelex, eye wo kple evea wobla nu.
28
Ke Abraham ɖe alẽnɔe adrẽ ɖe vovo.
29
Abimelex biae be: “Alẽnɔe adrẽ siawo, siwo nèɖe ɖe vovo la gɔme ɖe?”
30
Abraham ɖo eŋu be: “Xɔ alẽnɔe adrẽ siawo. Woawoe nye kpeɖodzinu be wòe nye nye ɖasefo be nyee ɖe vudo sia.”
31
Esia tae woyɔa teƒe ma be Beer-Seba, elabe afi mae wo kple evea wobla nu le.
32
Esi wobla nu vɔ alea le Beer-Seba la, Abimelex kple eƒe aʋakplɔla Pixol dze mɔ gatrɔ yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi.
33
Abraham do atiwo ɖe Beer-Seba, eye wòsubɔ Aƒetɔ, Mawu Mavɔtɔ la le afi ma.
34
Abraham nɔ Filistitɔwo ƒe anyigba dzi abe amedzro ene eteƒe didi.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes