Nye amedzro le anyigba sia dzi, eye manɔ anyi kpli wò, eye mayra wò. Elabena matsɔ anyigba blibo la katã ana mia kple wò dzidzimeviwo, eye mawɔ atam, si meka na fofowò Abraham la dzi.
Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒo ɣletiviwo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò dzidzimeviwo, eye le wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.
Ke esi afima ŋutsuwo bia srɔ̃a ta se la, egblɔ bena, ye nɔvinyɔnue. Elabena ele vɔvɔ̃m be, ne yeʋu me be, ye srɔ̃e la, ekema afima ŋutsuwo awu ye le ye srɔ̃ Rebeka ta; elabena edze tugbe ŋutɔ.
Eye Isak na wogaha vudo, siwo woɖe le fofoa Abraham ŋɔli, eye Filistitɔwo va xe wo, le Abraham ƒe ku megbe la me, eye wògatsɔ ŋkɔ na wo, abe alesi fofoa yɔ wòe ene.
Eye wòʋu le afima ɖo ta ŋgɔ, eye wòɖe vudo bubu; ke womewɔ dzre ɖe eya ta o; eyata wòna ŋkɔe be Rehobot hegblɔ be: Azɔ Yehowa na nɔƒe mí, bena míakeke ta ɖe anyigba la dzi.
Tete Yehowa ɖe eɖokui fiae le zã ma me gblɔ bena: Nyee nye fofowò Abraham ƒe Mawu! Megavɔ̃ o, elabena nye la meli kpli wò; mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le nye dɔla Abraham ta.
be nagawɔ vɔ̃a ɖeke mi o, abe alesi miawo hã miewɔ naneke wò o, ke boŋ nyui sɔŋ ko miewɔ na wò, eye miena nedzo le ŋutifafa me la ene, elabena amesi Yehowa yra nènye.