|
| 1 |
|
| Eye Mawu gblɔ na Yakob bena: Tso, naʋu ayi Betel, eye nanɔ afima, eye naɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò, esime nesi le nɔviwò Esau nu! |
|
| 2 |
|
| Tete Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple amesiwo katã le egbɔ la, bena: Miɖe dzromawu, siwo le mia dome la da, miklɔ mia ɖokui ŋuti, eye miɖɔ li miaƒe awuwo, |
|
| 3 |
|
| eye míaʋu ayi Betel, bena maɖi vɔsamlekpui ɖe afima na Mawu, si ɖo tom, esi mele xaxa me, eye wònɔ anyi kplim le nye mɔzɔzɔ me la! |
|
| 4 |
|
| Tete wotsɔ dzromawu, siwo katã le wo si, kple woƒe togɛwo na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã, si le Sixem gbɔ la te. |
|
| 5 |
|
| Emegbe la wodze mɔ, ke Mawu na vɔvɔ̃ va dze du, siwo ƒo xlã wo la dzi: eyata wometi Yakob viwo yome o. |
|
| 6 |
|
| Eye Yakob kple amesiwo katã le eŋu la, wova Lus, esia nye Betel, le Kanaan-nyigba dzi. |
|
| 7 |
|
| Eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe afima, eye wòyɔ teƒe la be „Betel ƒe Mawu“, elabena afima Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsi le nɔvia nu. |
|
| 8 |
|
| Ke Debora, amesi na no Rebeka le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe Betel ƒe anyigbe ɖe logoti gãa ɖe te, eyata wona ŋkɔ afima bena „Konyifalogo“. |
|
| 9 |
|
| Eye Mawu gaɖe eɖokui fia Yakob, esime wògbɔ tso Mesopotamia, eye wòyrae. |
|
| 10 |
|
| Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Ŋkɔwò enye Yakob; tso esia dzi la womagayɔ wò bena Yakob o, ke boŋ wò ŋkɔ anye Israel. Eyata woyɔnɛ bena Israel. |
|
| 11 |
|
| Eye Mawu gblɔ nɛ bena: Nye enye Mawu ŋusẽkatãtɔ, àdzi, eye nasɔ gbɔ; anye dukɔ kple dukɔhawo ƒe fofo, eye fiawo adzɔ atso mewò. |
|
| 12 |
|
| Eye anyigba, si metsɔ na Abraham kple Isak la, màtsɔe ana wò, eye matsɔ anyigba la ana megbewòviwo. |
|
| 13 |
|
| Eye Mawu dzo le egbɔ heyi dzi tso afisi wòƒo nu kplii le la. |
|
| 14 |
|
| Tete Yakob tu dzesikpe, si enye ŋkuɖodzikpea ɖe, ɖe afisi wòƒo nu kplii le la, eye wòkɔ aha ɖe edzi, emegbe la ekɔ ami hã ɖe edzi. |
|
| 15 |
|
| Eye Yakob na ŋkɔ teƒe, si Mawu ƒo nu kplii le la, bena Betel. |
|
| 16 |
|
| Emegbe la wodze mɔ tso Betel. Esi wote lu Efrat la, Raxel de asi kulele me: ke vidzidzi la nye dɔ nɛ. |
|
| 17 |
|
| Eye esi vidzidzia nye dɔ nɛ la, vixela la gblɔ nɛ bena: Megavɔ̃ o, elabena esia hã nye ŋutsuvi! |
|
| 18 |
|
| Esi wòle kudɔ ƒom, eye wòkpɔ bena, yele kuku ge la, ena ŋkɔe bena: Benoni; ke fofoa yɔe be Benyamin. |
|
| 19 |
|
| Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to. |
|
| 20 |
|
| Eye Yakob tu dzesikpe ɖe eƒe yɔdo dzi, esia nye ŋkuɖodzikpe le Raxel ƒe yɔdo dzi vaseɖe egbegbe. |
|
| 21 |
|
| Emegbe la Israel gadze mɔ, eye wòtu eƒe agbadɔ ɖe Migdal-Edel godo. |
|
| 22 |
|
| Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see. |
|
| 23 |
|
| Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon. |
|
| 24 |
|
| Raxel viŋutsu wo nye Yosef kple Benyamin. |
|
| 25 |
|
| Raxel ƒe kosi Bilha ƒe viŋutsuwo nye Dan kple Naftali. |
|
| 26 |
|
| Eye Lea ƒe kosi Silpa ƒe viŋutsuwo nye Gad kple Aser. Esiawo nye Yakob ƒe viŋutsu, siwo wodzi nɛ le Mesopotamia. |
|
| 27 |
|
| Eye Yakob va fofoa Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba, esia nye Xebron, afisi Abraham kple Isak wonye amedzrowo le. |
|
| 28 |
|
| Eye Isak ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blanyi. |
|
| 29 |
|
| Eye Isak ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii, hafi woku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ Eye via Esau kple Yakob woɖu. |
|
|
|
|