Eva eme be yakame aɖe le Gilgal si ŋkɔ nye Seba, Bixri vi, tso Benyamin-to la me. Eku kpẽ gblɔ be: “Gome aɖeke mele David gbɔ na mí o, eye domenyinyi aɖeke mele Yese vi la si na mí o. Israel lee, mia dome ame sia ame neyi eƒe agbadɔ me loo!”
Ale Israel-ŋutsuwo trɔ le David yome hedze Seba yome. Ke Yuda-ŋutsuwo ya gaku ɖe David, woƒe fia la ŋu ko eye wonɔ eyome tso Yordan nu va se ɖe Yerusalem.
Esi David va ɖo eƒe fiasã me le Yerusalem la, ekplɔ eƒe ahiãvi ewo siwo wògblẽ ɖe megbe be woanɔ aƒea dzi kpɔm la, eye wòde wo xɔ; dzɔlawo nɔ wo ŋu dzɔm. Ekpɔ wo dzi, di woƒe nuhiahiãwo na wo, gake medɔa wo gbɔ o. Wonɔ xɔ me, nɔ agbe abe ahosiwo ene va se ɖe woƒe kugbe.
Ale David gblɔ na Abisai be: “Kpɔ ɖa, Seba le nu vevi wɔ ge mí wu Absalom, eya ta kplɔ nye ame aɖewo ne miati eyome. Ne menye nenem o la, axɔ du sesẽ aɖewo anɔ wo me, eye wòasí le mía gbɔ.”
Esi woɖo kpe gã si le Gibeon la gbɔ la, Amasa va do go wo. Le ɣe ma ɣi me la, Yoab le aʋawu me, yi le aku me le ali dzi nɛ le awua te. Esi wòzɔ yi ŋgɔ la, yia ge.
Ke Amasa menya be yi le Yoab ŋu o. Ale Yoab tu yia dɔme nɛ eye eƒe dɔmenuwo dudu ɖe anyigba. Eku enumake; mehiã be woatui zi evelia o. Esia megbe la, Yoab kple nɔvia Abisai ti Seba yome.
Du sia nye tomefafatɔ kple anukwaretɔwo dometɔ ɖeka le Israel. Nu ka ta nèdi be yeatsrɔ̃ Israel-duwo nɔ? Nu ka ta nèdi be yeagbã Aƒetɔ ƒe du wòazu aƒedo?”
Menye nenemae nye nya la o. Ke ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Seba, Bixri vi, tso Efrayim-tonyigba dzi la dim mele. Ŋutsu sia dze aglã ɖe fia David ŋu. Mihe eya ɖeka ko ɖe go nam, ne madzo le dua gbɔ.” Nyɔnua gblɔ be: “Kpɔ ɖa, woatsɔ eƒe ta aƒu gbe to glia ta aɖo ɖe wò.”
Tete nyɔnua yi dua me tɔwo gbɔ kple eƒe aɖaŋuɖoɖoa, eye wotso ta le Seba nu tsɔ ƒu gbe to glia ta ɖo ɖe Yoab. Ale Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo ka le dua ŋu yi aƒeme. Emegbe Yoab gbugbɔ va fia la gbɔ le Yerusalem.