Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”
Ale wòyi ɖe Zarefat. Esi wòva ɖo Zarefat ƒe agbo nu la, ahosi aɖe nɔ afi ma, nɔ nake fɔm. Eyɔe eye wòbiae be, “Àku tsi vi aɖe ɖe kplu me vɛ nam manoa?”
Ahosi la ɖo eŋu nɛ be, “Meta Yehowa, wò Mawu la ƒe agbe be, abolo aɖeke mele asinye o negbe wɔ asiʋlo ɖeka si le wɔze me kple ami sue aɖe si le amigoe me ko. Mele nake ʋɛ siawo fɔm atsɔ ayi aƒe mee ne maɖa nu nye kple vinye ŋutsu míaɖu eye míaku.”
Eliya gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o; yi aƒe me eye nàwɔ abe ale si nègblɔ ene gake gbã la, ƒo abolo sue aɖe kple wɔ la ƒe ɖe eye nàtsɔe vɛ nam. Emegbe nàɖa nane na wò ŋutɔ kple viwò ŋutsu la
elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye si, ‘Wɔ mavɔ le wò wɔze me o eye ami hã mavɔ le wò amigoe me o va se ɖe esime Yehowa nana tsi nadza ɖe anyigba dzi.’ ”