Ahab yɔ eƒe aɖaŋudelawo eye wògblɔ na wo be, “Mikpɔ nu si wɔm ŋutsu sia le la ɖa! Ele ge dim togbɔ be mena wònya be ate ŋu axɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple sika abe ale si wòdi ene gɔ̃ hã.”
Ale Fia Ahab gblɔ na Fia Ben Hadad ƒe ame dɔdɔwo be, “Migblɔ na nye aƒetɔ, fia la be, ‘Matsɔ nu sia nu si nèbia zi gbãtɔ la na wò gake wò amewo maka nye fiasã la kple nye amewo ƒe aƒewo me o.’ ” Ale ame dɔdɔawo trɔ yi Ben Hadad gbɔ.
Fia Ahab ƒe ŋuɖoɖo sia va ɖo Fia Ben Hadad kple fia bubuawo gbɔ esi wonɔ aha nom le woƒe agbadɔwo me. Ben Hadad ɖe gbe na eƒe aʋafiawo be, “Midzra ɖo miaho aʋa ɖe wo ŋu.”
Nyagblɔɖila aɖe va kpɔ Israel fia Ahab eye wògblɔ nɛ be ale Yehowa gblɔe nye esi, “Èkpɔ futɔ la ƒe aʋakɔ siawoa? Matsɔ wo katã ade asi na wò egbe, ekema ànya mlɔeba be, nyee nye Yehowa!”
Ahab bia be, “Ke ame kae awɔ nu sia?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu be, “Alea Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato ɖekakpuiwo, asrafo siwo le nutoa me la dzi.’ ” Ahab gabia be, “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Nyagblɔɖila la ɖo eŋu nɛ be, “Miawoe!”
Esi Israelviwo ɖu Siriatɔwo dzi la, Ben Hadad ƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Israelviwo ƒe mawuwo nye todzimawuwo eya tae woɖu mía dzi; ke míate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le balime.
Ƒo ƒu aʋakɔ bubu nu abe esi tsrɔ̃ la ene. Na sɔwo, tasiaɖamwo kple aʋawɔla xexlẽme mawo tututu mí eye míawɔ aʋa kpli wo le balime. Ekema ɖikeke aɖeke meli be míaɖu wo dzi kokoko o!” Ale Fia Ben Hadad wɔ nu si wogblɔ nɛ.
Israel hã ƒo eƒe aʋawɔlawo nu ƒu, wodi nuɖuɖu da ɖi eye woyi aʋagbedzi. Ke Israelʋakɔ la dze abe gbɔ̃viwo ƒe ha eve ko ene ne wotsɔe sɔ kple Arameatɔwo ƒe aʋakɔ si gbagba ɖe balime la ŋu!
Mawu ƒe ame aɖe yi Israel fia la gbɔ eye wògblɔ nya siawo tso Yehowa gbɔ nɛ: “Esi Siriatɔwo gblɔ be, ‘Yehowa nye to dzi Mawu eye menye balime ƒe Mawu o’ ta la, makpe ɖe mia ŋu miaɖu aʋakɔ gã sia dzi eye mianya be nyee nye Yehowa nyateƒe.”
Aʋawɔla siwo susɔ la si yi Afek ƒe gliwo megbe, ke gliawo ƒe akpa aɖe mu dze wo dzi eye wo dometɔ akpe blaeve-vɔ-adre ku. Ben Hadad si yi du la me eye wòbe ɖe aƒe aɖe ƒe xɔ ememetɔ me.
Eƒe aʋakplɔlawo gblɔ nɛ be, “Amegã, míese be Israel fiawo nye nublanuikpɔnamelawo. Na míata akpanya, akaka ɖa ɖe ta eye míayi Fia Ahab gbɔ kpɔ be ana nànɔ agbe mahã?”
Ameawo ɖo eŋu kaba be, “Ɛ̃, nɔviwò, Fia Ben Hadad, gale agbe!” Israel Fia gblɔ na wo be, “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Esi Ben Hadad va ɖo la, Ahab na wòge ɖe eƒe tasiaɖam me!
Ben Hadad gblɔ nɛ be, “Magbugbɔ du siwo fofonye xɔ le fofowò si la na wò; àte ŋu atsa asi kple Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Ahab gblɔ be, “Bla nu kplim, ekema maɖe asi le ŋuwò nàdzo.” Ale wòbla nu kplii eye wòɖe asi le eŋu wòdzo.
Ale nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, dzata aɖe awu wò ne èdzo le gbɔnye ko.” Nyateƒe, esi wòtrɔ be yeadzo ko la, dzata aɖe wui.
Esi fia la tso eme va yina la, nyagblɔɖila la do ɣli yɔe gblɔ be, “Wò dɔla yi afi si aʋa la bi dzo le eye ame aɖe va gbɔnye kple aʋaléleawo dometɔ ɖeka eye wògblɔ nam be, ‘Nɔ ame sia ŋuti dzɔm. Ne ebu la, wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe teƒe alo nàxe klosalo kilogram blaetɔ̃-vɔ-ene.’
Nyagblɔɖila la gblɔ nɛ be, “Yehowa gblɔ be, ‘Esi nèɖe asi le ame si mebe wòaku la ŋu wògale agbe ta la, ele be nàku ɖe eteƒe eye wò amewo atsrɔ̃ ɖe eƒe amewo teƒe.’ ”