Eye Yehowa gblɔ nɛ bena: Mese wò gbedodoɖa kple wò koko, si neƒo le ŋkunye me la; meka xɔ sia, si nètu, be matsɔ nye ŋkɔ aɖo afima tegbee la ŋu, eye nye ŋku kple nye dzi anɔ afima ŋkekeawo katã.
Ke wò la, ne èzɔ le ŋkunye me, abe alesi fofowò Dawid zɔ le dzimekɔkɔ kple dzɔdzɔenyenye me ene, ne èwɔ pɛpɛpɛ, abe alesi mede se na wò ene, eye nèlé nye ɖoɖowo kple kɔnuwo me ɖe asi la,
ekema mana wò fiaɖuƒe ƒe fiazikpui nali ke ɖe Israel dzi tegbee, abe alesi megblɔ na fofowò Dawid ene bena: Wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la, nu matso akpɔ o.
Ne mia kple mia viwo miede megbe le ŋunye, eye mielé nye se kple nye ɖoɖo, siwo mede asi na mi la me ɖe asi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,
ekema matsrɔ̃ Israel ɖa le anyigba, si mena wo la dzi, eye mate xɔ sia, si ŋu mekɔ hena nye ŋkɔ la ɖa le ŋkunye me, eye Israel azu hamelo kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.
Eye woaɖo eŋu bena: Esi wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu, si kplɔ wo fofowo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu, ɖe ta agu na wo hesubɔ wo la, eyata Yehowa he dzɔgbevɔ̃e siawo katã va wo dzi ɖo.
Ale yakadɔwɔla, si wo fia Salomo ɖe, be woatu Yehowa ƒe xɔ, eya ŋutɔ ƒe xɔ kple Milo, eye woaɖo gli ɖe Yerusalem, Xazor, Megido kple Gezer ŋu la, ƒe nya la enye si:
Ke Salomo metsɔ amea ɖeke wɔ kluvi le Israel-viwo dome o, ke boŋ woawo nye aʋawɔlawo, eƒe dɔlawo, eƒe amegãwo kple tatɔwo kple aʋafiawo le eƒe tasiaɖamwo kple sɔdolawo nu.
Eye Salomo sa numevɔ kple akpedavɔ le vɔsamlekpui, si wòɖi na Yehowa la dzi zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me, eye wòdo dzudzɔ le edzi le Yehowa ŋku me. Ale wowu xɔ la nu.