Ne miehe, miayi dua me la ekema miaku ɖe afima, elabena dɔwuame le dua me; eye ne míetsi afisia hã, kuku ge míala. Eyata mina miayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me aɖabu aka na wo! Ne wona míetsi agbe la, ekema míetsi agbe; ne wowu mí la, ekema ɖe mieku.
Esi anyidzelawo va asaɖa ƒe mlɔenu hege ɖe agbadɔa ɖe me la, woɖu nu no nu, eye wotsɔ klosalo kple sika kpakple awuwo le eme ɖade do. Emegbe wovi agbadɔ bubu me, eye wotsɔ nu le eme ɖade do.
Tete wogblɔ na wo nɔewo bena: Menye nu nyui enye esia wɔm miele o, elabena egbe enye du nyui xɔgbe. Ne míelala, vaseɖe ŋu ke la, ekema míaɖi fɔ; eyata mina míayi aɖagblɔe le fia fe me.
Tete fia la fɔ le zã gblɔ na eƒe dɔlawo bena: Magblɔe na mi, nusi Aramtɔwo be, yewoawɔ mí. Wonyae bena, dɔ le mia wum, eyata wodzo le asaɖa la me yi ɖaɣla ɖe gbe me gblɔ bena: Ne wodo tso dua me la, ekema míalé wo agbagbe, eye míage ɖe dua me.
Eye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ bena: Na woaɖe sɔ alɔ̃ tso sɔ, siwo kpɔtɔ ɖe dua me la me, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; eye na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.
Ke fia la ɖe fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu wòziɔna ɖo la, ɖo agbo la nu, eye dukɔ la fanyae ɖe agbo la nu woku, abe alesi Mawu ƒe ame la gblɔ, esime fia la va egbɔ ene!
Elabena esi Mawu ƒe ame la gblɔ na fia la bena, lu dzidzenu eve axɔ sekel ɖeka, eye wɔ memee dzidzenu ɖeka axɔ sekel ɖeka le Samaria ƒe agbo nu etsɔ wɔale siawo la,
fia ŋu me la ɖo ŋu na Mawu fe ame la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa ɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe nusia ava mea? Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, àkpɔe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o.