Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Adam, Set, Enos, |
| 2 |
| Kenan, Mahalaleel, Yered, |
| 3 |
| Henox, Metusala, Lamex, |
| 4 |
| Noa, Sem, Xam kple Yafet. |
| 5 |
| Yafet viwo nye: Gomer, Magog, Madai, Yawan, Tubal, Mesex kple Tiras. |
| 6 |
| Gomer viwo nye Askenaz, Rifat kple Togarma. |
| 7 |
| Yawan viwo nye: Elisa, Tarsisa, Kititɔwo kple Rodantɔwo. |
| 8 |
| Xam viwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan. |
| 9 |
| Kus viwo nye: Seba, Xawila, Sabta, Raama kple Sablexa. Eye Raama viwo nye Seba kple Dedan. |
| 10 |
| Kus dzi Nimrod; eya de asi kalẽwɔwɔ me le anyigba dzi. |
| 11 |
| Mizrayim dzi Luditɔwo, Anamitɔwo, Lehabitɔwo, Naftuxitɔwo, |
| 12 |
| Patrusitɔwo kple Kasluxitɔwo, amesiwo me Filistitɔwo dzɔ tso kpakple Kaftoritɔwo. |
| 13 |
| Kanaan dzi Zidon, amesi nye ŋgɔgbea kple Xet, |
| 14 |
| Yebusitɔwo, Amoritɔwo, Girgastiɔwo, |
| 15 |
| Xiwitɔwo, Arkitɔwo, Sinitɔwo, |
| 16 |
| Arwaditɔwo, Zemaritɔwo kple Xamatitɔwo. |
| 17 |
| Sem viwo nye: Elam, Asur, Arpaxsad, Lud, Aram, Uz, Xul, Geter kple Mesex. |
| 18 |
| Arpaxsad dzi Selax, eye Selax dzi Eber. |
| 19 |
| Wodzi ŋutsuvi eve na Eber; ɖeka ŋkɔ nye Peleg, le esi wòmã anyigba lé eŋɔli la, eye nɔvia ŋkɔ nye Yoktan. |
| 20 |
| Yoktan dzi Almodad, Sale, Xazarmawe, Yarax, |
| 21 |
| Xadoram, Uzal, Dikla, |
| 22 |
| Ebal, Abimael, Seba, |
| 23 |
| Ofir, Xawila kple Yobab; amesiawo katã nye Yoktan viwo. |
| 24 |
| Sem, Arpaxsad, Selax, |
| 25 |
| Eber, Peleg, Regu, |
| 26 |
| Serug, Naxor, Tarax, |
| 27 |
| Abram, eya nye Abraham. |
| 28 |
| Abraham viwo nye Isak kple Ismael. |
| 29 |
| Woƒe ƒome enye si: Ismael ƒe ŋgɔgbevi enye Nebayo, Kedar, Adbeel, Mibsam, |
| 30 |
| Misma, Duma, Masa, Xadad, Tema, |
| 31 |
| Yetur, Nafis kple Kedma; amesiawo nye Ismael viwo. |
| 32 |
| Abraham ƒe ahiã Ketura ƒe viwo nye esi: eya dzi Zimran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax. Yoksan viwo nye: Seba kple Dedan. |
| 33 |
| Midian viwo nye: Eta, Efer, Xanox, Abida kple Eldaa. Amesiawo katã nye Ketura ƒe viwo. |
| 34 |
| Eye Abraham dzi Isak. Isak viwo nye: Esau kple Israel. |
| 35 |
| Esau viwo nye: Elifaz, Reguel, Yehus, Yaelam kple Korax. |
| 36 |
| Elifaz viwo nye: Teman, Omar, Zeti, Gaetam, Kenaz, Timna kple Amalek. |
| 37 |
| Reguel viwo nye: Naxat, Zerax, Sama kple Miza. |
| 38 |
| Seir viwo nye: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana, Dison, Ezer kple Disan. |
| 39 |
| Lotan viwo nye: Xori kple Homam, eye Lotan nɔvinyɔnu nye Timna. |
| 40 |
| Sobal viwo nye: Alyan, Manaxat, Ebal, Sefi kple Onam. Zibeon viwo nye: Aya kple Ana. |
| 41 |
| Ana vi nye: Dison. Dison viwo nye: Xamran, Esban, Yitran kple Xeran. |
| 42 |
| Ezer viwo nye: Bilhan, Zaawan kple Yaakan. Disan viwo nye: Uz kple Aran. |
| 43 |
| Amesiwo ɖu fia le Edom-nyigba dzi, hafi fia va nɔ Israel nu la, wonye: Bela, Beor vi; eƒe du enye Dinhaba. |
| 44 |
| Esi Bela ku la, Yobab, Zerax vi tso Bozra, zu fia ɖe eteƒe. |
| 45 |
| Esi Yobab ku la, Xusam tso Temanitɔwo ƒe anyigba dzi zu fia ɖe eteƒe |
| 46 |
| Esi Xusam ku la, Hadad, Bedad vi, zu fia ɖe eteƒe; eya si Midiantɔwo le Moab-tagba; eƒe du enye Awit. |
| 47 |
| Esi Hadad ku la, Samla tso Masreka zu fia ɖe eteƒe. |
| 48 |
| Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot le tɔsisi la nu zu fia ɖe eteƒe. |
| 49 |
| Esi Saul ku la, Baal-Xanan, Axbor vi, zu fia ɖe eteƒe. |
| 50 |
| Esi Baal-Xanan ku la, Hadad zu fia ɖe eteƒe; eƒe du enye Pagi, eye srɔ̃a Mehetabeel enye Matred, si nye Mesaxab ƒe vinyɔnu la ƒe vi. |
| 51 |
| Esi Hadad ku la, Edom-amegãwo nye: Amegã Timna, amegã Alwa, amegã Yetet, |
| 52 |
| amegã Oholibama, amegã Ela, amegã Pinon, |
| 53 |
| amegã Kenaz, amegã Teman, amegã Mibzar, |
| 54 |
| amegã Magdiel, amegã Iram. Amesia wo nye Edom-amegãwo. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/1chronicles/001.mp3
29
1