Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Filistitowo wɔ aʋa kple Israel; tete Israel-ŋutsuwo si le Filistitɔwo nu, eye wotsi aʋa le Gilboa-toa dzi. |
| 2 |
| Filistitowo ɖe Saul kple viawo ɖe nu, eye Filistitɔwo wu Saul viwo, siwo nye: Yonatan, Abinadab kple Malxisua. |
| 3 |
| Ke esi aʋa la nu sẽ ɖe Saul dzi, eye aŋutrɔdalawo va tui la, dzidzi ƒoe le aŋutrɔdalawo ŋuti. |
| 4 |
| Tete Saul gblɔ na eƒe adekplɔvi bena: Di wò yi naƒo ɖem, ne bolotɔ siawo magava awɔ funyafunyam o! Ke eƒe adekplɔvi la meli o, elabena evɔ̃ ŋutɔ. Tete Saul tso eƒe yi hedze enu. |
| 5 |
| Esi eƒe adekplɔvi la kpɔ be, Saul ku la, eya hã dze yi nu, eye woku. |
| 6 |
| Ale Saul kple via etɔ̃awo kpakple eƒe aƒe blibo la woku zi ɖeka. |
| 7 |
| Esi Israel-ŋutsu, siwo katã nɔ bali la me, kpɔ be, wòsi, eye Saul kple viawo ku la, wogblẽ woƒe duwo ɖi hesi, eye Filistitowo va nɔ wo me. |
| 8 |
| Esi ŋu ke, eye Filistitɔwo va nu ɖe ge le ame tsiaʋawo ŋu la, wokpɔ Saul kple viawo woku ɖe Gilboa-to la dzi, |
| 9 |
| eye woɖe nu le eŋu hetsɔ eƒe ta kple eƒe aʋawɔnuwo ɖo ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi godoo, ne woaɖe gbe ƒã dzidzɔ sia na woƒe mawuwo kple dukɔ la. |
| 10 |
| Wotsɔ eƒe aʋawɔnuwo da ɖe woƒe mawu ƒe me, eye wotsɔ eƒe takoloe ku Dagon ƒe xɔ me. |
| 11 |
| Esi Yabes-Gileadtɔwo katã se nusiwo keŋ Filistitɔwo wɔ Saul la, |
| 12 |
| ŋutsu aʋawɔlawo katã ho, eye wova tsɔ Saul kple viawo ƒe kukuawo yi Yabes; woɖi woƒe ƒuwo de baniti la te le Yabes, eye wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ. |
| 13 |
| Ale Saul ku le eƒe vodada de Yehowa ŋu kple Yehowa ƒe nya, si me mele ɖe asi o la ta. Ede ŋɔliyɔlawo hã gbɔ ɖabia gbe wo se, |
| 14 |
| ke mebia gbe Yehowa ya se o; eyata wòwui, eye wòna fiaɖuƒe la yi ɖe Dawid, Isai vi la si me. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/1chronicles/010.mp3
29
10