Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Eye wòtu xɔwo na eɖokui ɖevi Dawid ƒe du la me, eye wòwɔ nɔƒe na Mawu ƒe aɖaka la, eye wòtu agbadɔ nɛ. |
| 2 |
| Emegbe Dawid de se be, amea ɖeke mekpɔ mɔ atsɔ Mawu ƒe aɖaka la o, negbe Lewi-viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia, be woatsɔ Mawu ƒe aɖaka la, eye woasubɔe tegbee. |
| 3 |
| Tete Dawid yɔ Israel blibo la va Yerusalem, ne woaɖatsɔ Yehowa ƒe aɖaka la ava nɔƒe, si wòwɔ nɛ la. |
| 4 |
| Eye Dawid ƒo Aron-viwo kple Lewi-viwo nu ƒu. |
| 5 |
| Amesiwo tso Kehat viwo dome, wonye amegã Uriel kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka blave; |
| 6 |
| amesiwo tso Merari viwo dome, wonye amegã Asaya kple nɔviawo, wole ame alafa eve blave; |
| 7 |
| amesiwo tso Gerson viwo dome, wonye amegã Yoel kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka blaetɔ̃; |
| 8 |
| amesiwo tso Elizafan-viwo dome, wonye amegã Semaya kple nɔviawo, wole ame alafa eve; |
| 9 |
| amesiwo tso Xebron-viwo dome, wonye amegã Eliel kple nɔviawo, wole ame blanyi; |
| 10 |
| amesiwo tso Uziel viwo dome, wonye amegã Aminadab kple nɔviawo, wole ame alafa ɖeka kple wuieve. |
| 11 |
| Eye Dawid na woyɔ Zadok kple Abyatar, siwo nye nunɔlawo, kple Lewi-viwo Uriel, Asaya, Yoel, Semaya, Eliel kple Aminadab, |
| 12 |
| eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ. |
| 13 |
| Elabena esi mieno eteƒe gbemagbe o la, eyata Yehowa, mía Mawu, ɖe ame le mía dome, elabena míebia gbee se, abe alesi dze ene o. |
| 14 |
| Tete nunɔla kple Lewi-viwo ko wo ɖokui ŋu, ne woaɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la. |
| 15 |
| Eye Lewi-viwo tsɔ kpoawo kɔ Mawu ƒe aɖaka la ɖe woƒe abɔta, abe alesi Mose de se le Yehowa ƒe nya nu ene. |
| 16 |
| Eye Dawid gblɔ na Lewi-viwo ƒe amegãwo be, woaɖe wo nɔvi, siwo nye hadzilawo, ne woatsɔ hadzinuawo, siwo nye: saŋkuwo, kasaŋkuwo kple gakogoewo, eye woana dzidzɔha nade dzi. |
| 17 |
| Tete Lewi-viwo ɖe Heman, Yoel vi, woɖe Asaf, Berexya vi, tso nɔviawo dome kple Etam, Kusaya vi, tso nɔvia Merari-viwo dome; |
| 18 |
| eye wo nɔvi, siwo le ɖoɖo evelia me, kpe ɖe wo ŋu: Zaxarya, Yaaziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Benaya, Maaseya, Malitya, Elitelehu, Mikneya, Obed-Edom kple Yeiel, amesiawo nye agbonudzɔlawo. |
| 19 |
| Hadzilawo Heman, Asaf kple Etan, woawoe ƒoa akɔbligakogoe la sesĩe, |
| 20 |
| eye Zaxarya, Aziel, Semiramot, Yexiel, Uni, Eliab, Maaseya kple Benaya wonye amesiwo ƒoa kasaŋku wòɖina abe ɖetugbiwo ƒe gbe ene; |
| 21 |
| eye Malitya, Elifelehu, Mikneya, Obed-Edom, Yeiel kple Azaz ya wonye amesiwo tso kasaŋku ka enyitɔ doa ha ɖae. |
| 22 |
| Wotsɔ Kenanya, Lewi-viwo ƒe amegã, ɖo agbatsɔtsɔ nu, elabena enya mɔnu le agbatsɔtsɔ ŋu. |
| 23 |
| Berexya kple Elkana wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ. |
| 24 |
| Sebanya, Yosafat, Netaneel, Amasai, Zaxarya, Benaya kple Eliezer wonye nunɔlawo, amesiwo kua kpẽ le Mawu ƒe aɖaka la ŋgɔ, eye Obed-Edom kple Yexiya wonye agbonudzɔlawo le aɖaka la gbɔ. |
| 25 |
| Tete Dawid kple Israel-ame tsitsiwo kpakple ame akpewo ƒe tatɔwo woyi, be woaɖakɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple dzidzɔ tso Obed-Edom ƒe me. |
| 26 |
| Eye esi Mawu kpe ɖe Lewi-vi, siwo tsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka ŋuti la, wotsɔ nyitsu adre kple agbo adre sa vɔe. |
| 27 |
| Dawid kple Lewi-vi, siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kpakple agbatsɔlawo kple hadzilawo ƒe tatɔ Kenanya wodo aklaladziwui, eye Dawid ɖo aklalakɔmewu. |
| 28 |
| Israel blibo la le aseye tsom, le kpẽ kple dze kum, le gakogoe ƒom, eye wole saŋku kple kasaŋku ƒom sesĩe hetso Yehowa ƒe nubablaɖaka la yii. |
| 29 |
| Esi Yehowa ƒe nubablaɖaka la ɖo Dawid ƒe dua me la, Mixal, Saul vinyɔnu, do ko ɖe fesre nu kpo alesi fia Dawid le kpo tim le ɣe ɖumee; tete woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/1chronicles/015.mp3
29
15