EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Esi ƒe trɔ eye fiawo ƒe aʋahoɣi ɖo la, Yoab kplɔ aʋakɔ la doe kple ŋusẽ, eye woɖagblẽ nu le Amontɔwo ƒe anyigba dzi. Woɖe to ɖe Raba. Ke David ŋutɔ nɔ Yerusalem. Yoab si Raba, eye wògbãe. |
| 2 |
| David ɖe woƒe fia ƒe kuku le eta. Eƒe kpekpeme de sika kilo bla etɔ̃ vɔ ene, eye kpe xɔasi aɖe le eme. Wotsɔe de David ƒe fiakuku me. Etsɔ aboyonu geɖe ŋutɔ tso dua me gbɔe. |
| 3 |
| Ekplɔ dua me tɔwo do go dzoe ɖaɖo laxalaxa, kodzoe kple fía dɔwo na wo. Aleae David wɔ Amon-duawo katãe. Azɔ David kple eƒe ameawo gbɔ va Yerusalem. |
| 4 |
| Esia megbe aʋa gadzɔ ɖe Israelviwo kple Filistitɔwo dome le Gezer. Aʋa sia mee Sibekai, Xusatitɔ la wu Sipai, ame si nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimevi la le, eye wobɔbɔ wo ɖe anyi. |
| 5 |
| Emegbe wogawɔ aʋa kple Filistitɔwo, eye Elxanan Yair vi, wu Lami, Goliat nɔviŋutsu tso Gat. Lami ƒe akplɔti le abe abaladoti ene. |
| 6 |
| Wogawɔ aʋa bubu le Gat. Ame dzɔtsu aɖe nɔ afi ma. Eto asibidɛ ade kple afɔbidɛ ade ale be wo katã le bla eve vɔ ene. Eya hã nye ame dzɔtsuwo ƒe dzidzimevi. |
| 7 |
| Eɖe alɔ me le Israelviwo ŋu, ale David nɔvi, Yonatan, Simei vi wui. |
| 8 |
| Ame siawo katã tso ame dzɔtsuwo ƒe ƒome la me le Gat. Wo katã wotsi David kple eƒe dɔlawo ƒe yi nu. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/1chronicles/020.mp3
29
20