Ke akɔblivɔsamlekpui si Bezalel, Uri ƒe viŋutsu, ame si nye Hur ƒe viŋutsu wɔ la nɔ Gibeon le Yehowa ƒe agbadɔ la ƒe ŋgɔgbe ale Solomo kple ameawo bia eta le afi ma.
Mawu ɖo eŋu be, “Esi wò didi gãtɔe nye be yeakpe ɖe yeƒe amewo ŋu eye mèbia kesinɔnuwo kple bubu na ɖokuiwò o, mèbia be maƒo fi de yeƒe futɔwo o eye mèbia agbe didi na ɖokuiwò o, ke boŋ èbia nunya kple sidzedze be, yeakplɔ yeƒe amewo nyuie ta la,
matsɔ nunya kple sidzedze si nèbia la na wò! Hekpe ɖe esiawo ŋu la, matsɔ kesinɔnuwo, ga kple bubu si tɔgbi nyemena fia aɖeke kpɔ haɖe o la, na wò! Gawu la, fia gã sia tɔgbi aɖeke maganɔ anyi akpɔ gbeɖe le xexe blibo la me o!”
Eƒo tasiaɖam akpe ɖeka alafa ene (1,400) kple sɔdola akpe wuieve (12,000) nu ƒu be woadzɔ du siwo me tasiaɖamwo le la ŋu, togbɔ be woda ɖewo ɖe fia la gbɔ le Yerusalem hã.
Le Fia Solomo ƒe fiaɖuɣi la, klosalo kple sika bɔ ɖe Yerusalem abe ale si kpewo nɔa mɔ dzi ene eye wowɔa sedati ŋu dɔ abe ale si wowɔa gboti si bɔ fũu la ŋu dɔ ene.