Esi Rehoboam va ɖo Yerusalem la, eƒo aʋawɔla akpe alafa ɖeka blaenyi (180,000) nu ƒu hewɔ aʋakɔ tɔxɛ aɖe be wòazi Israel ƒe to bubuawo dzi be woaxɔ ye abe woƒe fia ene.
‘Yehowa be migawɔ aʋa kple mia nɔviwo o. Miyi miaƒe aƒewo me elabena gbɔnyee woƒe aglãdzedze sia tso.’ ” Woɖo to Yehowa eye womegawɔ aʋa kple Yeroboam o.
Levitɔwo ɖe asi le woƒe lãnyiƒewo kple nunɔamesiwo gɔ̃ hã ŋu eye wova Yuda kple Yerusalem elabena Yeroboam kple via ŋutsuwo gbe be womaganye nunɔlawo na Yehowa o.
Ame aɖewo, siwo menye nunɔlawo o hã de asi ʋuʋu tso Israel ƒe toawo katã me yi Yerusalem, afi si woakpɔ mɔ asubɔ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu eye woasa vɔ nɛ le.
Edze aye, kaka Via ŋutsu bubuawo ɖo ɖe du siwo woglã la me le Yuda ƒe viwo kple Benyamin ƒe viwo ƒe anyigba dzi. Ena nunɔamesiwo wo fũu eye wòɖe srɔ̃ geɖewo na wo dometɔ ɖe sia ɖe.