O, mía Mawu, ɖe menye wòe nyà anyigba sia dzi nɔlawo ɖa le wò dukɔ Israel ŋgɔ, eye nètsɔ anyigba la na xɔ̃wò Abraham be wòanye eƒe dzidzimeviwo tɔ tegbee oa?
‘Ne dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ ɖe mía dzi abe tohehe ene, aʋawɔwɔe o, dɔ vɔ̃e o, dɔtoto ye o, míava tsi tsitre ɖe xɔ sia ŋgɔ, le ŋkuwò me, elabe wò ŋkɔ le xɔ sia ŋu, eye míado ɣli ayɔ wò le míaƒe xaxa me la, nàsee ne nàɖe mí.’
Azɔ kpɔ ɖa, Amontɔwo kple Moabtɔwo kpakple Seir-todzitɔwo ho ɖe mia ŋu. Evɔ la, ame siawo dome mèɖe mɔ na Israel be woato, esime wotso Egipte o, ke boŋ wode axa na wo, eye wometsrɔ̃ wo o.
O, mía Mawu, màdrɔ̃ ʋɔnu wo oa? Elabe ŋusẽ aɖeke mele mía ŋu, míatsɔ akpe akɔ kple aʋakɔ gã sia si tso ɖe mía ŋu la o. Míenya nu ka míawɔ o; wò ko ŋu míaƒe ŋku le.”
Tete Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ dze Levi vi aɖe dzi le ƒuƒoƒea. Eŋkɔe nye Yexaziel, Zaxarya vi. Enye Asaf ƒomea me tɔ, eye tɔgbuiawoe nye Asaf, Matanya, Yiel kple Benaya.
Egblɔ be: “Yuda-dukɔ blibo la, mi Yerusalemnɔlawo kple fia Yosafat, miɖo to miasee. Aƒetɔ be: ‘Migavɔ̃ o eye aʋakɔ gã sia megadzi ŋɔ na mi o, elabe aʋa la menye mia tɔ o; ke boŋ Mawu tɔe.
Menye miawoe le aʋa sia wɔ ge o. Mitsi tsitre ɖi ko ne miakpɔ ale si Aƒetɔ le xɔxɔ ge na mii la ɖa! O Yuda kple Yerusalem, migavɔ̃ o, eye dzika megatso mia ƒo o. Etsɔ la, mido yi ɖakpe wo; Aƒetɔ li kpli mi!”
Le evea gbe ƒe ŋdi kanya la, woho ɖo ta Tekoa-gbedadaƒo. Esi wonɔ mɔ dzem la, Yosafat tsi tsitre ƒo nu na wo be: “Yuda kple Yerusalemnɔlawo, miɖo tom. Mixɔ Aƒetɔ, mia Mawu dzi se ekem ali ke mi. Mixɔ eƒe gbeƒãɖelawo hã dzi se, ekem ana wòadze dzi na mi.”
Ede adaŋu kple dukɔ la be ne woho la, Aƒetɔ ƒe hadzila siwo ɖoa atsyɔ̃ kɔkɔe, eye wodzia kafukafuha la nanɔ aʋakɔ la ŋgɔ anɔ ha dzim be: “Mida akpe na Aƒetɔ, Elabe eƒe amenuveve li tegbee!”
Yosafat kple eƒe aʋakɔwo yi be yewoaɖaha aboyonuwo le wo gbɔ. Wokpɔ lãhawo fũu, adzɔnuwo, awuwo kple nu xɔasi geɖewo. Nuawo sɔ gbɔ ale gbegbe be wode wo tsɔ ge do kpo. Ŋkeke etɔ̃ sɔŋ wonɔ nuawo lɔlɔ dzi elabe wosɔ gbɔ ŋutɔ.
Yosafat ƒe ŋutinya mamlɛawo, tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwua la, woŋlɔ wo ɖe Yehu, Xanani vi la, ƒe nya siwo wotsɔ de Israel-fiawo ƒe Agbalẽ me la me.
Tete Eliezer, Dodava vi, tso Maresa ɖe gbeƒã ɖe Yosafat ŋu be: “Esi nèwɔ ɖeka kple Axazya ta la, Aƒetɔ agblẽ nu si nèwɔ la me.” Ale ʋuawo gbã, eye womete ŋu de Tarsis o.