×

EƲEGBE BIBLIA 2014

2 Kronika 21

1
Yosafat ku, eye woɖii ɖe tɔgbuiawo ɖiƒe le David ƒe du la me. Via Yoram zu fia ɖe eteƒe.
2
Nɔviŋutsuwo nɔ Yoram si siwo nye Yosafat viŋutsuwo. Woawoe nye: Azarya, Yexiel, Zaxarya, Azarya, Mixael kple Sefatya. Ame siawo katã nye Israel-fia Yosafat viŋutsuwo.
3
Wo tɔ́ na nu geɖe wo: klosalo kple sika kple nu xɔasi bubu geɖe wo, eye wòna wo dome ame sia ame le Yuda-du sesẽ aɖe nu; ke etsɔ fiaɖuƒe la na Yoram elabe eyae nye eƒe ŋgɔgbevia.
4
Esi Yoram va ɖo tɔ́a ƒe fiaɖuƒe la nu, eye wòli ke la, ewu nɔvia ŋutsuawo katã kple Israel-megã aɖewo kple yi.
5
Yoram xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ eve esime wòzu fia. Eɖu fia ƒè enyi le Yerusalem.
6
Eto Israel-fiawo ƒe ʋe me abe ale si Axab ƒomea wɔ la ene elabe Axab vinyɔnue nye srɔ̃a. Ewɔ nu si nye vɔ̃ le Aƒetɔ ŋkume.
7
Aƒetɔ medi be yeatsrɔ̃ David ƒe ƒome la o, elabe ebla nu kple David do ŋugbe nɛ be yeana akaɖi aɖe eya kple viawo tegbee.
8
Le eƒe fiaɖuɣi la, Edom-dukɔ dze aglã ɖe Yuda-dziɖuɖu ŋu, eye woɖo fia na wo ɖokui.
9
Ale Yoram kple aʋakplɔlawo dze mɔ kple woƒe tasiaɖamwo, eye woho yi ɖatu Edomtɔwo. Edomtɔwo ƒe aʋakɔwo va ƒo xlã wo; ke le zã me la, wosi wo.
10
Ale Edom dze aglã ɖe Yuda-dziɖuɖu ŋu va se ɖe egbe. Le ɣe ma ɣi me tututu la, Libna-du hã dze aglã ɖe Yoram ƒe dziɖuɖu ŋu, elabe egblẽ Aƒetɔ, tɔgbuiawo ƒe Mawu la ɖi.
11
Etu nuxeƒewo ɖe Yuda-tonyigba la hã dzi. Ekplɔa Yerusalemnɔlawo yia teƒe siawo woɖasubɔa trɔ̃wo, eye wòkplɔ Yuda-dukɔ trae.
12
Tete Mawu ƒe gbeƒãɖela Eliya ŋlɔ agbalẽ na Yoram be: “Aƒetɔ, tɔgbuiwò David ƒe Mawu la bu fɔ wò elabe mèto tɔ́wò Yosafat loo, alo tɔgbuiwò Asa ƒe ʋe me o.
13
Èto Israel-fiawo ƒe afɔtoƒe eye nèna Yuda kple Yerusalemnɔlawo subɔ trɔ̃wo abe Axab ƒe ƒometɔwo ene. Hekpe ɖe esia ŋu la, èwu nɔviwò ŋutsu siwo ɖɔ ʋu wu wò la hã.
14
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ ahe to na wò dukɔ la, viwòwo kple srɔ̃wòwo vevie, eye wòagblẽ wò nunɔamesiwo katã dome.
15
Ke wò ŋutɔ la, àdze dɔ vevie. Àdze dɔmedɔ si ana nanyè wò dɔkaviwo tso ŋkeke yi ŋkeke.”
16
Aƒetɔ na Filistitɔwo kple Arabiatɔ siwo le Etiopiatɔwo xa la dze aglã ɖe Yoram ŋu.
17
Wova dze Yuda-dukɔa dzi, eye woha nu siwo katã wokpɔ le fiasã la me la dzoe. Wolé via ŋutsuwo kple srɔ̃awo hã dzoe. Viŋutsu aɖeke mekpɔtɔ nɛ o, negbe Yoaxaz, eƒe dɔmlɔea ko.
18
Le esiawo katã megbe la, Aƒetɔ na fia la va dze dɔ madamada vɔ̃ɖi aɖe ɖe eƒe dɔka ŋu.
19
Dɔléle la ɖe fu nɛ tso ŋkeke yi ŋkeke ƒe eve sɔŋ. Mlɔeba la, enyè eƒe dɔkawo keŋ, eye wòse veve ʋuu heku. Ke eteviwo medo dzo gã nɛ de bubu eŋu abe ale si wowɔ na tɔgbuiawo ene o.
20
Yoram xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ eve esime wòzu fia. Eɖu fia ƒè enyi le Yerusalem. Edzo gake eƒe ku meve ame aɖeke o. Woɖii ɖe David ƒe du la me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes