Tso gbesigbe mekplɔ nye dukɔ tso Egipte-nyigba dzi la, nyemetia dua ɖeke le Israel-toawo katã me, be woatu xɔ nam ɖi, ne nye ŋkɔ nanɔ afima o; eye nyemetia ŋutsua ɖeke, be wòanye amegã ɖe nye dukɔ Israel nu o;
Yehowa wɔ eƒe nya, si wògblɔ la dzi, eye medo ɖe fofonye Dawid teƒe hebɔbɔ nɔ Israel-fiazikpui la dzi, abe alesi Yehowa gblɔ ene, eye metu xɔ na Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ,
gblɔ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu, mawua ɖeke mede nuwò le dziƒo kple anyigba dzi o, èléa nubabla kple amenuveve me ɖe asi na wò dɔla, siwo zɔna le ŋkuwò me kple dzi blibo.
Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o.
ekema nasee le dziƒo, eye nadrɔ̃e na wò dɔlawo ahabu fɔ vodala, eye nana eƒe nuwɔwɔ nava eƒe ta dzi; ke natso afia na nya dzɔdzɔe tɔ, eye nawɔ nɛ le eƒe dzɔdzɔenyenye nu!
Ne dziƒo nu xe, eye tsi megale dzadzam o, le esi wowɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò ta, eye wodo gbe ɖa le teƒe sia heʋu wo ŋkɔ me, eye woɖe asi te woƒe nuvɔ̃wo ŋu, le esi nebɔbɔ wo ɖe anyi ta la,
ekema nasee le dziƒo, eye natsɔ wò dɔlawo kple wò dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo ake wo, eye nafia mɔ nyui, si dzi woazɔ la wo, eye nana tsi nadza ɖe wo anyigba, si nètsɔ na wo dukɔ wònye woƒe domenyinu la dzi!
Ne dɔwuame va anyigba dzi, eɖanye dɔvɔ̃ alo bliwo dze heteku o, nukuwo hlɔ̃ alo ʋetsuviwo kple ŋɔwo va o, ne woƒe futɔwo xaxa wo ɖe woƒe duwo me le anyigba dzi, eɖanye luɖenamea ɖe alo dɔlélea ɖe o,
Ne du bubu me ta hã, amesi metso wò dukɔ Israel dome o, ke boŋ anyigba didia ɖe dzi wòtso va le wò ŋkɔ gã, wò asi sesẽ kple wò abɔ, si nedo de dzi ta, eye wòva do gbe ɖa le aƒe sia me la,
ekema nasee le nɔwòƒe le dziƒo, eye nawɔ nusiwo katã ŋuti du bubu me to la le yɔwòm ɖo la, ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si wò ŋkɔ, eye woavɔ̃ wò abe wò dukɔ Israel ene, eye wòadze sii bena, wò ŋkɔ woyɔ ɖe xɔ sia, si metu la ŋu!
Ne wowɔ nuvɔ̃ de ŋuwò, — elabena amegbetɔa ɖeke megbea nuvɔ̃wɔwɔ o — eye nedo dɔmedzoe ɖe wo ŋu hetsɔ wo de asi na lu towo, eye woɖe aboyo wo yi woƒe anyigba dzi, eɖanye kpuiƒe alo didiƒe o,
eye woyi ta me le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ heƒo koko na wò le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi la dzi, hegblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, mieda vo, eye miewɔ nu vlo,
eye wotrɔ de ŋuwò kple woƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yii, eye woado gbe ɖa aɖo ɖe anyigba, si nètsɔ na wo fofowo, kple du, si netia, kpakple xɔ, si metu na wò ŋkɔ dzi la,