Wotsɔ ga na kpefulawo kple atikpalawo, eye wotsɔ nuɖuɖu kple nunono kpakple ami na Sidontɔ vo kple Tirolɔwo, ne woatsɔ sedertiwo atso Libanon dzi ato ƒu dzi ava Yafo, abe alesi Persia-fia Kores ɖe gbe na woa ene.
Esi wogbɔ va Mawu ƒe aƒe la gbɔ le Yerusalem la, Zerubabel, Sealtiel vi, kple Yesua, Yozadak vi, kpakple wo nɔvi susɔeawo, nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple amesiwo katã gbɔ tso abe yo me va Yerusalem la, wodze egɔme le ƒe eve megbe le dzinu evelia me. Woɖo Lewi-vi, siwo xɔ ƒe blave, kpakple edzivɔwo la, ne woana Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔ nu.
Eye Yesua kple viawo kpakple nɔviawo. Kadmiel kple viawo, siwo nye Hodaya viwo, do va sɔsɔe, be yewoanɔ amesiwo le dɔ wɔm le Mawu ƒe aƒea ŋu la nu, nenema ke nye Xenadad viwo kple wo viwo kpakple wo nɔviwo, siwo nye Lewi-viwo.
Esi xɔtulawo ɖo gbedoxɔ la gɔme anyi la, nunɔlawo le woƒe awuwo me tsi tre ɖi, eye wotsɔ kpẽwo ɖe asi, eye Lewi-vi, siwo nye Asaf viwo la, tsɔ gakogoewo ɖe asi, ne woakafu Yehowa, abe alesi Israel-fia Dawid ɖo ene.
Wodzi kafukafuha kple akpedaha na Yehowa be. Eƒe dɔme nyo, eye eƒe amenuveve li tegbee ɖe Israel dzi Eye ɖukɔ blibo la tso aseye sesie, esime wole Yehowa kɔfum, le esi woɖo Yehowa ƒe xɔ la gɔme anyi ŋuti.
Ke nunɔlawo kple Lewi-viwo kpakple eƒekɔwo ƒe tatɔwo dometɔ geɖewo, amegã ɖeɖi, siwo kpɔ xɔ gbãtɔ la, esi woɖo xɔ sia gɔme anyi le wo ŋku me la, wofa avi kple ɣli, ke ame geɖewo le aseye tsom hele dzidzɔ kpɔm, eye aƒa ɖe dzi hoo,