wova Zerubabel kple aƒekɔwo ƒe lalɔwo gbɔ gblɔ na wo bena; Míawo hã míatui kpli mi, elabena míele mía Mawu la dim abe míawo ke ene, eye eya míele vɔ sam na tso gbesigbe Asur-fia Asar-Xadon kple mi va afisiae la.
Tem Zerubabel kple Yesua kpakple Israel ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ mamleawo ɖo ŋu na wo bena: Medze be, mía kpli miawo míatu xɔ na mia Mawu la o, ke boŋ míawo ɖeɖe míatui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, abe alesi Persia-fia Kores de se na mi ene.
hekpe ɖe dukɔ bubu, siwo fia ga Asnapar, amesi ŋu bubu le, kplɔ va ɖo Samaria-ɖu me kple anyigba bubu, siwo le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple nya bubuwo. —
Fia la nanyae be, Yudatɔ, siwo tso gbɔwò va mia gbɔ le Yerusalem la, gale du dzeaglã vɔ̃ɖi la tsom, wole gliawo nu flɔm, eye wole woƒe anyinɔwo ɖɔm ɖo.
elabena ne wodzro fofowòwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me la, ekema akpɔe le nyadzɔdzɔgbalẽ la me, adze sii be, du sia nye aglãdzedu, si be gbegblẽva fiawo kple anyigbawo dzi, eye wodzea aglã le eme tso gbaɖegbe ke; eyatae wogblẽ du sia ɖo.
Eyata míele nanam fia la nanyae be, ne woagatso du sia, eye woflɔ gliawo nu la, ekema esia awɔ be, gomea ɖeke megana asiwò le tɔsisi la ƒe go keme dzi o.
Tete fia la ɖo du ɖe adaŋumegã Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo nɔvi bubu, siwo le Samaria kple anyigba bubuwo dzi le tɔsisi la ƒe go keme dzi la bena: Ŋutifafa na mi! kple nya bubuwo.
Esi wonya xlẽ Artaxsasta ƒe agbalẽa me nya na Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo nɔviwo la, wowɔ kplakplakpla yi Yudatɔwo gbɔ le Yerusalem, eye wotsɔ sesẽ xe mɔ na wo.