Le fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la fia Kores ɖe se be, woatu mawuxɔ ɖe Yerusalem wòanye teƒe, si woasa vɔ le; woaɖo egɔme anyi, eve wòakɔ abɔklugui blaade, akeke abɔklugui blaade.
Woagatsɔ mawuxɔ me nuawo, sikatɔwo kple klosalotɔwo, siwo Nebukadnezar ɖafɔ tso gbedoxɔ me le Yerusalem va Babel la, ana woakɔ ayi gbedoxɔ me le Yerusalem le wo teƒe, eye woada wo ɖe mawuxɔ la me.
Eyata Tatnai, anyigba dzikpɔla le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔvi, siwo tso Afarsax le tɔsisi la ƒe go keme dzi, mite ɖa tso afima!
Eye mene wole se ɖeni le nusi miawɔ na Yudatɔwo ƒe ame tsitsiwo, be woatu mawuxɔ sia la ŋuti. Woatsɔ fia ƒe nudzɔdzɔ le tɔsisi la ƒe go keme dzi ƒe gawo ana ŋutsu siawo dedie, eye womagaxe mɔ na wo o.
Eye ne nane le hiahiãm, eɖanye nyitsuvi, agbo alo alẽvi ɖe numevɔsa na dziƒo Mawu la ŋu; lu, dze wein kple ami la, ekema woatsɔ wo na wo gbesiagbe, abe alesi nunɔla gblɔ le Yerusalem ene, eye womahe ɖe megbe o;
Eye Mawu, si na be, yeƒe ŋkɔ nana afima la, atsrɔ̃ fia sia fia kple dukɔ, si ado eƒe asi ɖa, be yeatsrɔ̃e, eye yeagblẽ mawuxɔ sia le Yerusalem la! Nye Dario ye ɖe sea, ele be, woawoe pɛpɛpɛ!
Esi fia Dario nya ɖo ame ɖa ko la, Tatnai, anyigba dzikpɔla le tɔsisi la ƒe go keme dzi, kple Setar-Boznai kpakple wo nɔviwo wɔ pɛpɛpɛ, ahe alesi wogblɔ ene.
Wotsɔ nyitsu alafa ɖeka, agbo alafa eve kple alẽvi alafa ene sa vɔe le mawuxɔ la ŋutikɔkɔ me, eye wotsɔ gbɔ̃tsu wuieve ɖe Israel toawo ƒe xexlẽme nu sa nuvɔ̃vɔe ɖe Israel blibo la ta.
Eye Israel-vi, siwo gbɔ tso aboyo me la, woɖui hekpe ɖe amesiame, si ɖe eɖokui ɖa tso anyigba dzi dukɔwo ƒe nu makɔmakɔwo me heva wo gbɔ, be yewoadi Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋuti.