Ke nyemenɔ Yerusalem, esime nusiawo katã dzɔ o; elabena le Babel-fia Artaxsasta ƒe ƒe blaetɔ̃ vɔ evelia me la meyi ɖe fia la gbɔ. Le ɣeyiɣia ɖewo megbe la, mebia gbe fia la.
eye metsɔ nunɔla Selemya kple agbalẽŋlɔla Zadok kpakple Pedaya tso Lewi-viwo dome do nudzraɖo ƒexɔwo dzikpɔlawoe, eye Matanya vi Zakur ƒe vi Xanan kpe de wo ŋu; elabena wobu wo anukwaretɔwoe, eye wonye woƒe dɔ be, woamã nu na wo nɔviwo.
Le ɣemaɣi mekpɔ be, amea ɖewo fiã wein le dzudzɔgbe le, wotsɔ lubablawo va aƒee, eye wotsɔ wein, weintsetse kple gbotitsetse kpakple agba vovovowo do agbae na tedziwo hetsɔ va Yerusalem le dzudzɔgbe la. Tete mexlɔ̃ nu wo le gbesigbe wole nuɖuɖuawo dzram.
Hafi dzudzɔgbe la naɖo la, mede se be, ne vɔvɔli nye ɖo Yerusalem-gbowo nu ko la, woaɖo agboawo, eye megblɔ be, womegaʋu wo o, vaseɖe esime dzudzɔgbe la nu nayi hafi. Eye meɖe amewo tso nye ɖekakpuiwo dome ɖo agboawo nu, be womagatsɔ agboa ɖeke vɛ le dzudzɔgbe la o.
Eye megblɔ na Lewi-viwo be, woakɔ wu ɖokui ŋu, eye woava dzɔ agboawo nu, ne woawo dzudzɔgbe la kɔkɔe. Nye Mawu, ɖo ŋu esia hã nam, eye nakpɔ tanye le wò amenuveve gã la nu!
Tete meka mo na wo, meƒo fi de wo, meƒo wo dome ŋutsua ɖewo, eye menya ɖa na wo, eye meta Mawu na wo bena: Migatsɔ míaƒe nyɔnuviwo na woƒe ŋutsuviwo o, eye migaɖe woƒe nyɔnuviwo na míaƒe ŋutsuviwo kple mía ŋutɔwo ɖokui o!
Ɖe Israel-fia Salomo mewɔ nuvɔ̃ le esia ta oa? To egbɔ be, fiaa ɖeke mede enu le dukɔ geɖewo dome o, eye wonye ete Mawu ƒe lɔlɔ̃tɔ, eye Mawu tsoe ɖo fia ɖe Israel blibo la nu hã la, dutanyɔnuwo blee de nuvɔ̃ me.