Esi wowu ŋkekenyui gã sia ɖuɖu nu la, Fia la ɖo kplɔ̃ tɔxɛ na fiasã la me nɔlawo, amegãwo kple subɔlawo siaa, ŋkeke adre le xɔxɔnu si le abɔ la ŋgɔ le Susa mɔ gã la me.
Le fia la ƒe sedede nu la, ame sia ame ano wain agbɔsɔsɔ si eya ŋutɔ di be yeano la. Fia la ɖo na eƒe ahakulawo be woaɖe asi le ame sia ame ŋu wòawɔ nu si dze eŋu.
Le ŋkeke adrea gbe esime wain na be Fia Ahasuerus mu aha afã kple afã, eye wònɔ dzidzɔ kpɔm la, eyɔ ŋutsusubɔla adre siwo wotia be woanɔ esubɔm la va eɖokui gbɔe. Ame siawoe nye Mehuman, Bizta, Harbona, Bigta, Abagta, Zetar kple Karkas.
Fia la ɖe gbe na wo be woakplɔ Fianyɔnu Vasti vɛ, wòaɖɔ eƒe fiakuku, ale be ameawo katã nakpɔ eƒe tugbedzedze. Nyateƒe, Fianyɔnu Vasti dze tugbe ŋutɔŋutɔ.
Ke asi wònye woƒe kɔnu be fia la naxɔ aɖaŋu le se kple afiatsotso ƒe nyawo me le ame siwo nya se nyuie gbɔ la, eƒo nu kple nunyala siwo se ɣeyiɣiawo gɔme nyuie.
Fiaŋume siwo fia la ƒo nu kplii la woe nye, Karsena, Setar, Admata, Tarsis, Meres, Marsena kple Memukan. Ame adre siawoe nye Persia kple Media bubumewo, wonye ame siwo tena ɖe fia la ŋu kpokploe, eye wonye ame siwo si ɖoƒe kɔkɔtɔwo kekeake le le fiaɖuƒe la me.
Memukan ƒo nu ɖe bubumeawo nu gblɔ be, “Fianyɔnu Vasti da vo, menye ɖe fia la ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe fiaŋume ɖe sia ɖe kple ame sia ame si le Fia Ahasuerus ƒe fiaɖuƒea me la ŋu.
Ne Persia kple Media nyɔnu ɖe sia ɖe se nu si Fianyɔnu Vasti wɔ ɖe fia la ŋu la, woade asi aglãdzedze me ɖe wo srɔ̃wo ŋu, eye wòagblɔ be Fia Ahasuerus ɖe gbe be woakplɔ Fianyɔnu Vasti va ye ŋkume, gake egbe vava.
Hafi zã nado la, mí, wò aɖaŋuɖolawo katã srɔ̃wo ase nu si fiasrɔ̃ la wɔ, eye woade asi nuƒoƒo me na mí bubumewo, wo srɔ̃wo hã nenema tututu, ekema vlodoame kple dɔmedzoe koe anɔ wò fiaɖuƒe blibo la me. Nuwuwu manɔ anyi na amemabumabu kple tɔtɔ sia o,
eya ta míele edom ɖa be, ne fia la lɔ̃ la, ekema nàde se tɔxɛ aɖe na Mediatɔwo kple Persiatɔwo, se si womate ŋu atrɔ gbeɖegbeɖe o la, be Fianyɔnu Vasti magado ɖe Fia Ahasuerus ŋkume gbeɖegbeɖe o, eye nàtia fianyɔnu bubu si nyo wu Vasti.
Woɖo agbalẽwo ɖe nuto ɖe sia ɖe me le fiaɖuƒe la me le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me, eye wote gbe ɖe edzi le gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me be ŋutsu ɖe sia ɖe naɖu eƒe aƒe dzi, eye wòana ame sia ame nade bubu eŋu abe aƒea ƒe tatɔ ene.