Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. |
| 2 |
| Wodzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi eta ne. |
| 3 |
| Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi. |
| 4 |
| Eye viaŋutsuwo tua aglo ɖe woƒe aƒewo me, wo dome ɖesiaɖe le ŋkeke, si dze edzi la dzi, eye wodɔa ame da woɖakpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo, be woaɖu nu, eye woana nu kple yewo. |
| 5 |
| Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi. |
| 6 |
| Eye wòva me gbe ɖeka be, esi mawuviwo va tsi tre ɖe Yehowa ŋku me la, Satana hã le wo dome va. |
| 7 |
| Tete Yehowa bia Satana be: Afika nètso? Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi. |
| 8 |
| Yehowa gblɔ na Satana be: Elé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi ti. |
| 9 |
| Tete Satana ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena: Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua? |
| 10 |
| Ɖe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya ŋutɔ kple eƒe nuwo katã ŋu godoo oa? Eyra eƒe aƒe kpakple eƒe asinudɔwɔwɔwo, eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba dzi. |
| 11 |
| Ke do asi da, ne nade asi nusiwo katã le esi la ŋu kpɔ, be magbe wò nya ɖe ŋkuwo me keŋ oa? |
| 12 |
| Yehowa gblɔ na Satana be: Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me, ɖeko megade asi eya ŋutɔ ŋu o. Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me. |
| 13 |
| Eye wòva me gbe ɖeka be, esi viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo le nu ɖum, eye wole wein nom le wo nɔvi xoxoetɔ ƒe me la, |
| 14 |
| tete ame dɔdɔa de va Hiob gbɔ gblɔ bena: Nyiawo le agble ŋlɔm, eye ledzinɔawo le gbe ɖum le wo xa, |
| 15 |
| kasia Sabatɔwo va dze wo dzi, wole wo, eye wowu dɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò. |
| 16 |
| Esi amesia gale nuƒoƒo dzi la, ame bubu va gblɔ bena: Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo dze alẽawo kple dɔlaawo dzi hefiã wo, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò. |
| 17 |
| Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò. |
| 18 |
| Esi amesia gale nuƒoƒo dzi le ame bubu va gblɔ bena: Esi viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo le nu ɖum, eye wole wein nom le wo nɔvi xoxoetɔ ƒe me la, |
| 19 |
| kpɔ ɖa, ya ʋuɖua ɖe tso gbe dzi va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe eme wòmũ dze ɖekakpuiawo dzi woku, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò. |
| 20 |
| Tete Hiob tso hedze eƒe awu, elũ eƒe ta, eye wòde ta agu hedo gbe ɖa |
| 21 |
| gblɔ bena: Amama mele tso ɖanye ƒe ɖɔ me, eye ama ma manɔ agayi Yehowae na, Yehowae gaxɔe, woakafu Yehowa ŋkɔ! |
| 22 |
| Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ o, eye mebu vɔ̃a ɖeke ɖe Mawu ŋu o. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/001.mp3
42
1