|
| 1 |
|
| Nye agbe le ŋu nyɔm na nye luʋɔ, eyata mana konyifafa naɖo bababa, eye maƒo nu le nye luʋɔ ƒe vevesesewo me. |
|
| 2 |
|
| Megblɔ na Mawu be: Megabu fam o; na manya nusi la nele avu wɔm kplim ɖo! |
|
| 3 |
|
| Ɖe wòle nuwò vivim be, nète ame ɖe anyi, eye nètsɔ nye, wò asinudɔwɔwɔ la, ƒu gbe, eye nèklẽ ɖe ame vlo ƒe adaŋudede dzia? |
|
| 4 |
|
| Ŋutilãŋkue le tawòa? alo ɖe nèkpɔa nu, abe alesi amegbetɔ kpɔa nui enea? |
|
| 5 |
|
| Ɖe wò ŋkekewo le abe amegbetɔ ƒe ŋkekewo enea? Eye wò ƒewo le abe ŋutsu ƒe ƒewo enea? |
|
| 6 |
|
| Hafi nèle nye vodadawo gɔme dim, eye nèle nye nuvɔ̃wo ta biam le sesem, |
|
| 7 |
|
| eya wònye ènyae be, nyemeɖi fɔ o hafi, eye amea ɖeke mate ŋu axɔ ame le asiwò me o. |
|
| 8 |
|
| Wò asie mem, eye néwɔ nye afisiafi pɛpɛpɛ tso, hafi natsrɔ̃m mahã? |
|
| 9 |
|
| Ɖo ŋui be, tsue nètsɔ wɔm, eye ɖe nèbe, magatrɔ zu anyia? |
|
| 10 |
|
| Ɖe mèkɔm ɖe anyi abe notsi ene, eye nèna mebla abe notsi kpekẽ ene oa? |
|
| 11 |
|
| Efa ŋutigbalẽ kple lã ɖe ŋunye, eye nède ƒu kple lãmeka menye. |
|
| 12 |
|
| Ena agbe kple amenuvevem, eye wò ametakpɔkpɔ dzra nye gbɔgbɔ ɖo. |
|
| 13 |
|
| Nusia nèɣla ɖe wò dzi me, menyae be, èɖo esia ɖe tame. |
|
| 14 |
|
| Ne mewɔ nuvɔ̃ la, èle ŋudzɔ nam hã, eye mètso nam le vodada me o. |
|
| 15 |
|
| Ne meɖi fɔ la, haha nam! Eye ne tɔnye dzɔ la, nyemafɔ ta dzi o, nye amesi nye ŋukpego, eye mele nye hiã leƒe kpɔm. |
|
| 16 |
|
| Eye ne mefɔe ɖe dzi le, ekema àyɔm ɖe nu abe dzata ene, eye àgawɔ nukunuwo ɖe ŋunye atraɖii. |
|
| 17 |
|
| Aɖo ɖasefo bubuwo ɖe ŋunye ɖaa, àdzi wò dziku ɖe dzi ɖe ŋunye, eye aʋakɔwo anɔ li ɖɔm wo nɔewo atraɖii ɖe ŋunye. |
|
| 18 |
|
| Nukaŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me ɖo? Ɖe wònye ɖe metso me la, anye ne ŋkua ɖeke mekpɔm o; |
|
| 19 |
|
| anye ne nyemeli o, eye anye ne wotsɔm tso danye ƒe dɔme hede yɔ me. |
|
| 20 |
|
| Ɖe nye ŋkekewo mele ʋee ko oa? Nedzudzɔ, eye wòate ɖa le ŋunye, ne magbɔ ɖe eme vie, |
|
| 21 |
|
| hafi mayi, eye nyemagatrɔ agbɔ o, mayi viviti kple blukɔ ƒe anyigba dzi, |
|
| 22 |
|
| anyigba, si dzi viviti do ɖo kpekpekpe, eye wòtɔtɔ hɔlɔhɔlɔ, eye ne ŋu ke la, ele abe blukɔ ene. |
|
|
|
|