Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Tete Naamatɔ Zofar xɔ dzi gblɔ bena: |
| 2 |
| Ɖe woagbe eŋuɖoɖo na nyawɔlaa? Eye ɖe aɖe gãtɔ tɔ anye dzɔdzɔea? |
| 3 |
| Wò nyawɔwɔ de ga nu na amewo, ale be nèle fewu ɖum, eye amea ɖeke mede ŋukpe mo na wò o; |
| 4 |
| eyata nèle gbɔgblɔm be: Nye nufiafia me ko, eye medze le ŋkuwò me. |
| 5 |
| Oo, ne Mawu ahaƒo nu, eye wòake eƒe nuyiwo de ŋuwò, |
| 6 |
| eye wòaɖe eƒe nunya ɣaɣlawo afia, be wo gɔme goglo nukutɔe la, ekema adze sii be, Mawu ƒe ŋku dzo le wò vodadaa ɖewo dzi. |
| 7 |
| Ɖe àte ŋu ake ɖe Mawu ƒe agunu ŋua? Alo ale ŋu ade ŋusɛ̃katãtɔ ƒe mlɔeanu kekeakea? |
| 8 |
| Eka abe dziƒo ene, nuka woa nawɔ? Egoglo wu tsiẽƒe, nuka wòa nunya? |
| 9 |
| Eƒe dzidzeme didi wu anyigba, eye wòkeke wu atsiaƒu. |
| 10 |
| Ne eva tso me yi, ele ame, eye wòɖi ʋɔnu la, ameka axe mɔ nɛ? |
| 11 |
| Elabena enya alakpatɔwo, eye wòkpɔa nu menyo wɔwɔ, evɔ menyanɛ ɖi hafi o. |
| 12 |
| Ale gegeme hã adze nunya, eye woadzi gbetedzivi wòazu ame. |
| 13 |
| Azɔ ne èdzra wò dzi do, eye nèke wò alɔwo me nɛ, |
| 14 |
| ne èɖe nu manyomanyo, si le asiwò me la ɖa, eye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele wò agbadɔ me o la, |
| 15 |
| ekema awu wò mo dzi mokaka manɔmee, eye àli ke, eye màvɔ̃ o; |
| 16 |
| ekema àŋlɔ wò hiãkame be, eye wòanɔ ŋku dzi na wò abe tsi, si si va yi la ene. |
| 17 |
| Wò agbenɔnɔ me akɔ wu ŋdɔkutsu dzatsɛ, eye ne edo viviti hã la, akɔ ahe ŋdi ene. |
| 18 |
| Wò dzi adze eme, elabena mɔkpɔkpɔ li, atsa ŋu afisiafi, eye àmlɔ anyi bɔkɔɔ. |
| 19 |
| Amlɔ anyi, eye amea ɖeke maɖo vodi na wò o, eye ame geɖewo akɔ mo ɖe ŋuwò. |
| 20 |
| Nu ati kɔ na ame vlowo ƒe ŋkuwo, sitsoƒewo katã abu ɖe wo, eye woƒe mɔkpɔkpɔ la luʋɔ ƒe ƒuƒue. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/011.mp3
42
11