Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Mikpɔ ɖa, nusiawo katã mekpɔ kple nye ŋkuwo, nye to see, eye wòdzrae ɖo. |
| 2 |
| Nu alesi nu mienya la, nye hã menyae; míe kple miawo la kpo ɖeka dzi míele. |
| 3 |
| Ke medi be, maƒo nu kple ŋusẽkatãtɔ, eye wòle dzroyem be, mía kple Mawu míahe nya akpa. |
| 4 |
| Ke miawo la, ami ɖem miele ɖe aʋatso, eye gbedala dzodzrowo mienye. |
| 5 |
| Oo, ne miazi ɖoɖoe dzro de; ekema woabu esia nunyae na mi. |
| 6 |
| Mise ɖokuinye nuɖeɖe dzro, eye milé to ɖe nye nuyiwo ƒe nyaʋiʋli ŋu! |
| 7 |
| Ɖa miebe, yewoagblɔ nu madzɔmadzɔ ahatsɔ di Mawu ƒe nyonyo, eye miaka aʋatso ahatsɔ ɖi eƒe nyonyoa? |
| 8 |
| Ɖe miebe, yewoade edzia? Alo ɖe miebe, yewoawɔ dzre ɖe Mawu nua? |
| 9 |
| Ne edzro mia me kpɔ la, ɖe eteƒe akɔa? Alo ɖe miebe, yewoaflui, abe alesi woflua amegbetɔ enea? |
| 10 |
| Ahe to na mi kokoko, ne miele ame dzi dem le adze me. |
| 11 |
| Ɖe eƒe gãnyenye mado ŋɔdzi na mi, eye eƒe vɔvɔ̃ malé mi oa? |
| 12 |
| Miaƒe nye tsitsiwo nye tofloko, eye miaƒe aʋakpoƒuƒuwo nye anyi ɖeɖe. |
| 13 |
| Miɖe nu ɖa le ŋunye, ne maƒo nu, eye nusi be, yeava dzinye la, neva! |
| 14 |
| Malé nye ŋutilã ɖe aɖu nu, eye matsɔ nye luʋɔ aɖo nye asi me. |
| 15 |
| Kpɔ ɖa, ele wu ye ge tsã, eya ko sinu kpɔm mele; ke ɖeko mebe, maʋu go nye zɔzɔme ɖe ŋku me nɛ, |
| 16 |
| eye esia nye nye dziɖuɖu xoxo, elabena ame vloa ɖeke medona ɖe eŋku me o. |
| 17 |
| Mise nye nyawo dzro, eye nye nyameɖeɖe nede to me na mi! |
| 18 |
| Kpɔ ɖa, medzra ɖo ɖe dzrenya la ŋu, eye menyae be, tɔnyee le dzɔdzɔ ge. |
| 19 |
| Ameka ate ŋu akpe kplim? Eya ko hafi mazi ɖoɖoe, eye maku. |
| 20 |
| Negbe nu eve ko megawɔm o, ekema nyemaɣla ɖokuinye ɖe ŋkuwò me o: |
| 21 |
| Te wò asi ɖa le ŋunye, eye wò ŋɔdzi megade dzikatsoƒoe nam o! |
| 22 |
| Ekema yɔm, eye matɔ, alo nyea maƒo nu, eye nado eŋu nam! |
| 23 |
| Vodada kple nuvɔ̃ nenie le ŋunye? Na manya nye dzidadawo kple nye nuvɔ̃wo! |
| 24 |
| Nukaŋuti nèɣla wò ŋku me dem, eye nèle buyem wò futɔe? |
| 25 |
| Ɖe nèbe yeado vodi na aŋgba, si nu ya, alo nayɔ ahɔ̃liti ƒuƒu ɖe nua? |
| 26 |
| Hafi nètsɔ vevesesewo ɖo dzinye, eye nèna mele nye ɖevime vodadawo ƒe dome nyim; |
| 27 |
| ède ga nye afɔwo ɖe atiboli ŋu, èle ŋudzɔ hã na nye mɔwo katã, eye nèɖo liƒo na nye afɔƒome; |
| 28 |
| evɔ wònye menyunyɔ abe nu ŋɔɖua kple avɔ, si agbagblaʋui du la, ene hafi. |
|
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/013.mp3
42
13