|
| 1 |
|
| Tete Hiob ɖo ŋu gblɔ bena: |
|
| 2 |
|
| Mese nusiawo tɔgbe wòsɔ gbɔ azɔ; mi katã la akɔfala ƒuƒluwo mienye. |
|
| 3 |
|
| Nya toflokoawo va azɔa? Nukae ɖu lãme na wò, be nèɖo eŋu? |
|
| 4 |
|
| Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu; |
|
| 5 |
|
| anye ne matsɔ nye nu ade dzi ƒo na mi, eye nyemagbe nye nuyi tsɔtsɔ ado haha na mi o! |
|
| 6 |
|
| Ne meƒo nu la, nye veveawo dzi maka aɖe o, eye ne medzudzɔ hã la, ɖe woavɔ nama? |
|
| 7 |
|
| Ke azɔ la egbã lãme nam, eye nètsrɔ̃ nye aƒemetɔwo. |
|
| 8 |
|
| Elém, esia nye ɖase; eye nye ƒuɖiɖi tsi tre ɖe ŋunye hele ɖase ɖim ɖe mo nam kaŋ. |
|
| 9 |
|
| Eƒe dɔmedzoe vuvum, eye wòwɔ avu kplim; feɖu aɖukli ɖe ŋunye, eye wòklẽ ŋku ɖe ŋunye abe nye futɔ ene. |
|
| 10 |
|
| Woke woƒe nu ɖe ŋunye baa, woɖu fewu heƒo tome nam, eye wotso ha ɖe ŋunye. |
|
| 11 |
|
| Mawu gblẽm ɖe ɖevi vloewo si me, eye wòtsɔm ɖe asi na ame vlowo. |
|
| 12 |
|
| Meli bɔkɔɔ, tete wògbãm nyanyanya; elé kɔgbɔ nam, eye wòʋuʋum, eye wòtsɔm ɖo nudzidzea na eɖokui. |
|
| 13 |
|
| Eƒe aŋutrɔwo blam kɔtɔɔ, ete nye ayikuwo nublanui makpɔe, eye wòtrɔ nye vevegoe kɔ ɖe anyigba. |
|
| 14 |
|
| Ede abi ŋunye gadee de dzi, eye wòlũ de dzinye abe kalẽtɔ ene. |
|
| 15 |
|
| Metɔ akpanya ɖe nye ŋutigbalẽ ŋu, eye metsɔ nye dzo ɖe ke me. |
|
| 16 |
|
| Mefa avi, nye mo ɖo ʋusrã, eye ku ƒe vɔvɔli le nye aɖabawo dzi, |
|
| 17 |
|
| evɔ wònye nu madzɔmadzɔa ɖeke mele nye asiwo me o, eye alakpa mele nye gbedodoɖa me o hafi. |
|
| 18 |
|
| Anyigba, megatsyɔ nye nu dzi o, eye nye aʋadodo megakpɔ nɔƒea ɖeke o! |
|
| 19 |
|
| Kpɔ ɖa, nye ɖasefo le dziƒo fifia hã, eye tanyeʋlila le dzi! |
|
| 20 |
|
| Xɔ̃nyewo le fewu ɖum le ŋunye, eye nye ŋku le aɖatsi fam na Mawu, |
|
| 21 |
|
| be wòatso na ŋutsu la le eya kple Mawu dome, kple amegbetɔvi la le eya kple xɔlɔ̃a dome. |
|
| 22 |
|
| Elabena nye ƒe ʋeeawo le dedem, eye mayi demagbɔnugbe. |
|
|
|
|