Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Tete Suaxtɔ Bildad ɖo ŋu gblɔ bena: |
| 2 |
| Ɣekaɣi miawɔ nyaʋa ase ɖo? Midze nunya gbã, emegbe hafi miaƒo nu! |
| 3 |
| Nukaŋuti wobu mí lãwoe, eye míenye bometsilawo le mía ŋku me? |
| 4 |
| Tsiã, wò amesi vuvu wò ŋutɔ ɖokuiwò le wò dɔmedzoe me, wò tae anyigba azu aƒeɖo, eye woate agakpe ɖa le eteƒea? |
| 5 |
| Ke ame vɔ̃ɖi ƒe akaɖi tsina, eye eƒe dzoƒaɖe meklẽna o. |
| 6 |
| Kekeli doa viviti le eƒe agbadɔ me, eye eƒe akaɖi tsina le eta me. |
| 7 |
| Eƒe afɔ legbe ɖeɖe tona ɖe eme, eye eya ŋutɔ ƒe adaŋudede ƒunɛ anyi. |
| 8 |
| Elabena wonyãnɛ wòtsɔa eƒe afɔ dea ɖɔ me, eye wòzɔa mɔ̃ka dzi. |
| 9 |
| Adoboli miãna ɖe afɔkpo dzi nɛ, eye mɔ̃ka ɖenɛ. |
| 10 |
| Wotrea ƒoɖetoe nɛ, eye wolia eƒe mɔ̃ de etoƒe. |
| 11 |
| Ŋɔdzidodowo doa dzikatsoƒoe nɛ, eye woyɔnɛ de nu kplikplikpli. |
| 12 |
| Eƒe dzɔgbevɔ̃e tsia dɔmeɣee de eŋu, eye gbegblẽ nɔa klalo de exa. |
| 13 |
| Eƒe ŋutilã ŋu nuwo duduna, eye ku ƒe ŋgɔgbevi ɖua eƒe ŋutilã ŋu nuwo. |
| 14 |
| Woaɖee ɖa le eƒe agbadɔ, si ŋu wòle ŋu ɖom ɖo la me, eye nu akplɔe aƒu fia dziŋɔla. |
| 15 |
| Nusi menye etɔ o la, nɔa eƒe agbadɔ me, eye wokɔa aŋɔ ɖe enɔƒe. |
| 16 |
| Eƒe kewo kuna ɖe to me, eye eƒe alɔwo yrɔna ɖe dzi me. |
| 17 |
| Womeɖoa ŋku edzi le anyigba dzi o, eye eƒe ŋkɔ buna le ablɔ me. |
| 18 |
| Wotua asii tsoa kekeli me dona ɖe viviti me, eye wonyãnɛ ɖa le xexeame. |
| 19 |
| Vi alo tɔgbuiyɔvia ɖeke manɔ esi le eƒe dukɔ dome o, eye amea ɖeke makpɔtɔ ɖe enɔƒe o. |
| 20 |
| Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe nu aku le eƒe ŋkeke la ŋu, eye ɣedzeƒetɔwo ƒe tame able fu. |
| 21 |
| Alea nu madzɔmadzɔ wɔla ƒe nɔƒewo nɔna, eye alea amesi ŋlɔ Mawu be la, ƒe teƒe nɔna. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/018.mp3
42
18