|
| 1 |
|
| Tete Zofar, Naamatitɔ la ɖo eŋu be: |
|
| 2 |
|
| “Kpɔ ɖa, metsi dzodzodzoe le ɖokuinye me, eya ta maɖo nya si nègblɔ la ŋuti. |
|
| 3 |
|
| Èdzum ɖe nya me, eye nye nugɔmesese dɔm be maɖo eŋu. |
|
| 4 |
|
| Ðe mènya o be tso tìtiti esime woɖo amegbetɔ ɖe anyigba dzi la, |
|
| 5 |
|
| ame vɔ̃ɖi ƒe aseyetsotso le kpuie ko, eye mawumavɔ̃la ƒe dzidzɔkpɔkpɔ medidina kura oa? |
|
| 6 |
|
| Ne ekɔ yi dzi ʋĩi, eye eƒe ta ɖatɔ alilikpowo gɔ̃ hã la, |
|
| 7 |
|
| ayi to ʋĩi abe eya ŋutɔ ƒe mí ene, eye ame si kpɔnɛ la biana be: ‘Eyama ɖe?’ |
|
| 8 |
|
| Enu ayi kaba abe drɔ̃e ene, eye womagakpɔe o; abu ɖa abe zã me ŋutega ene. |
|
| 9 |
|
| Ame si kpɔnɛ la magakpɔe o, eye eƒemetɔwo hã magakpɔe o. |
|
| 10 |
|
| Viawo adi nyui na ame dahewo, eye woagbugbɔ eƒe kesinɔnuwo ana wo. |
|
| 11 |
|
| Togbɔ be ɖekakpuime ŋusẽ gale eŋu hã la, aku, woaɖii kplii ɖe ke me.” |
|
| 12 |
|
| “Ne nuvɔ̃ɖiwɔwɔ le vivim le nu me nɛ abe anyitsi ene, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te, |
|
| 13 |
|
| lée ɖe nu me, gbe asiɖeɖe le eŋu, wòle ve me ke nɛ le vivim nɛ hã la, |
|
| 14 |
|
| nuɖuɖua atrɔ zu ƒli ƒe aɖi ɖe dɔme nɛ. |
|
| 15 |
|
| Emi amewo ƒe kesinɔnuwo, eye wòle nɛ be wòadzɔ wo. Mawu aɖe wo tso eƒe dɔ me. |
|
| 16 |
|
| Ƒli ƒe aɖi wòno, eye dzakpata ƒe aɖie awui. |
|
| 17 |
|
| Makpɔ gome le anyitsi kple notsi tòto siwo le tsatsam abe tɔsisi kple tɔʋu ene la me o. |
|
| 18 |
|
| Agbugbɔ nu si wòku kutri kpɔ la ana, eye mamii o. Viɖe si wòkpɔ le asitsatsa me mado dzidzɔ nɛ o. |
|
| 19 |
|
| Elabe egbã ame dahewo hegblẽ wo ɖi; exɔ xɔ si metu o la sesẽe. |
|
| 20 |
|
| Esi mele ƒo ɖim o ta la, mate ŋu adzra eƒe kesinɔnu aɖeke ɖo o. |
|
| 21 |
|
| Le eƒe nu tsu ɖuɖu ta, naneke masusɔ o eya ta nu madze edzi nɛ didie o. |
|
| 22 |
|
| Ne nunɔamesiwo le esi fũu hã, anye nublanuitɔ, eye hiã akae. |
|
| 23 |
|
| Esime wòle didim be yeaɖi ƒo zã la, Mawu atrɔ dziku helihelĩ akɔ ɖi nɛ wòaɖu. |
|
| 24 |
|
| Ne esí le ga yibɔ lãnu nu la, akɔbliŋutrɔ aƒo ɖee. |
|
| 25 |
|
| Aŋutrɔ la aŋɔ eƒe vevegoe. Ahee doe tso eƒe lã me. Enu ada dzo wòakpɔ, eye ŋɔdzi alée. |
|
| 26 |
|
| Blukɔ ado ɖe eƒe kesinɔnuwo dzi. Dzo si amegbetɔ meƒlɔ ɖo o la afiãe, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si susɔ ɖe eƒeme la keŋkeŋ. |
|
| 27 |
|
| Dziƒowo aklo nu le eƒe vodada dzi. Anyigba atso ɖe eŋu. |
|
| 28 |
|
| Mawu ƒe dɔmedzoe alɔ agblemenuku siwo wòxa ɖe aƒeme la adzoe. |
|
| 29 |
|
| Esia nye ame vlo ƒe gome tso Mawu gbɔ. Enye domenyinu si Mawu ɖo ɖi nɛ.” ɛ.” |
|
|
|
|