|
| 1 |
|
| Tete Naamatitɔ, Zofar ɖo eŋu nɛ be, |
|
| 2 |
|
| “Nu siwo le fu ɖem na nye susue dɔm be maɖo eŋu na wò elabena metsi dzi le ɖokuinye me ŋutɔ. |
|
| 3 |
|
| Mese mokaname aɖe si ɖe bubu le ŋunye, eye nye gɔmesese de dzi ƒo nam be maɖo nyawo ŋu. |
|
| 4 |
|
| “Meka ɖe edzi be ènya ale si wònɔ tso blema, tso ɣeyiɣi si ke wowɔ amegbetɔ da ɖe anyigba dzi be |
|
| 5 |
|
| ame vɔ̃ɖiwo ƒe nukoko nu mesena yina o, eye Mawumavɔ̃lawo ƒe aseyetsotso nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. |
|
| 6 |
|
| Togbɔ be eƒe dada yi ɖatɔ dziƒo, eƒe ta yi ɖatɔ lilikpowo ke hã la, |
|
| 7 |
|
| atsrɔ̃ gbidii abe eya ŋutɔ ƒe afɔdzi ene eye ame siwo kpɔe la agblɔ be, ‘Afi ka wòle?’ |
|
| 8 |
|
| Edzona dzona abe drɔ̃e ene, womagakpɔe o eye wòabu abe ŋutega si wokpɔ le zã me ene. |
|
| 9 |
|
| Ŋku si kpɔe la magakpɔe akpɔ o, eye eƒe nɔƒe hã magakpɔe akpɔ o. |
|
| 10 |
|
| Ele be viawo nawɔ ɖɔɖɔɖo anyo dɔ me na ame dahewo, eya ŋutɔ ƒe asiwo aɖe asi le eƒe kesinɔnuwo ŋu. |
|
| 11 |
|
| Ɖekakpuimeŋusẽ dzodzoe si yɔ eƒe ƒuwo me la aku kplii ayi ke me. |
|
| 12 |
|
| “Togbɔ be nu vɔ̃ɖi vivi le eƒe nu me, eye wòɣlae ɖe eƒe aɖe te, |
|
| 13 |
|
| togbɔ be mate ŋu aɖe asi le eŋu o eye wòbe ɖe nu me nɛ hã la, |
|
| 14 |
|
| eƒe nuɖuɖu ave le eƒe dɔ me, eye wòazu da ƒe aɖi le eƒe dɔgbowo me. |
|
| 15 |
|
| Atu kesinɔnu siwo wòmi la aƒu gbe. Mawu ana eƒe dɔgbowo nadzɔ wo katã aƒo ɖi. |
|
| 16 |
|
| Eno da ƒe aɖi eye ƒli ƒe aɖi awui. |
|
| 17 |
|
| Makpɔ gome le tɔʋu kple tɔsisi siwo me anyitsi kple notsi babla le sisim le la me o. |
|
| 18 |
|
| Maɖu nu siwo ŋu wòdze agbagba le o, ke boŋ atsɔ wo ana eye maɖu viɖe si do tso eƒe asitsatsa hã me o |
|
| 19 |
|
| elabena ete ame dahewo ɖe to wozu hiãtɔwo eye wòxɔ aƒe siwo metu o. |
|
| 20 |
|
| “Vavã makpɔ gbɔdzɔe le eƒe nudzodzrowo me o eye maɖe eɖokui to eƒe nunɔamesiwo dzi o. |
|
| 21 |
|
| Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o. |
|
| 22 |
|
| Le eƒe nukpɔkpɔ gbogboawo dome la, xaxa ava edzi eye hiãtuame ƒe ŋusẽ katã ava edzi. |
|
| 23 |
|
| Ne eƒe ƒodo yɔ nyuie la Mawu atrɔ eƒe dziku bibi akɔ ɖe edzi eye wòana eƒe dɔmedzoe nadza ɖe edzi. |
|
| 24 |
|
| Togbɔ be esi le gayibɔlãnu nu hã la, akɔbliŋutrɔ ƒo ɖee. |
|
| 25 |
|
| Eɖee do goe tso eƒe lãme eye wòho eƒe tsutsyɔeƒe le eƒe aklã me. Ŋɔdzi alée, |
|
| 26 |
|
| eye viviti tsiɖitsiɖi le eƒe kesinɔnuwo lalam. Dzo si womeƒlɔ ɖo o la afiae eye wòabi nu si susɔ ɖe eƒe agbadɔ me la keŋkeŋkeŋ. |
|
| 27 |
|
| Dziƒo aɖe eƒe vodada ɖe go eye anyigba atso ɖe eŋu. |
|
| 28 |
|
| Tsiɖɔɖɔ akplɔ eƒe aƒe adzoe eye le Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la dzi la, tsi sisiwo akplɔe adzoe. |
|
| 29 |
|
| Esia nye gomekpɔkpɔ si Mawu ɖo ɖi na ame vɔ̃ɖiwo, eye wònye domenyinu tso Mawu gbɔ na wo.” |
|
|
|
|