|
| 1 |
|
| Tete Hiob ɖo eŋu be: |
|
| 2 |
|
| “O, miɖo to miase nye nya dzro; eya koe nye akɔfafa dim mele tso mia gbɔ. |
|
| 3 |
|
| Migbɔ dzi ɖi nam ne maƒo nu, eye ne meƒo nu vɔ hã, miaɖe alɔ me le ŋunye faa. |
|
| 4 |
|
| Amegbetɔ nu tsom melea? Nu ka ta nyematsi dzi o? Nu ka ta maɖe dzi ɖi? |
|
| 5 |
|
| Mitrɔ kpɔm ɖa! Miaƒe nu aku, eye gbɔgblɔ abu ɖe mi. |
|
| 6 |
|
| Hm, ne mebu nu si dzɔ ɖe dzinye ŋu la, metɔtɔna, eye medzona nyànyanya. |
|
| 7 |
|
| Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe, va kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo? |
|
| 8 |
|
| Wonɔa agbe, wo viwo lia ke le wo gbɔ, eye wokpɔa woƒe dzidzimeviwo gɔ̃ hã. |
|
| 9 |
|
| Wonɔa woƒe aƒewo me dedie, womevɔ̃na o, eye Mawu mehea to na wo kple eƒe ameƒoti o. |
|
| 10 |
|
| Woƒe nyitsu yɔa asi woƒe nyinɔ, doa fu. Woƒe nyinɔ fɔa fu dzina, fu megena le wo ƒo o. |
|
| 11 |
|
| Woɖea asi le wo viwo ŋu wodoa go abe alẽha ene, eye wo viwo ɖua ɣe. |
|
| 12 |
|
| Wodzia ha ɖe gakogoe kple gakasaŋku ŋu, eye wodzɔa dzi ɖe dze ƒe ɖiɖi ŋu. |
|
| 13 |
|
| Woƒe ŋkekewo yɔ fũu kple nunyoname, eye kasia ko, wodzo yi tsiẽƒe. |
|
| 14 |
|
| Wogblɔna na Mawu be: ‘Te ɖa le mía gbɔ! Mímedi be míanya naneke le wò mɔwo ŋu o. |
|
| 15 |
|
| Ame kae Ŋusẽkatãtɔ la nye be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’ |
|
| 16 |
|
| Kpɔ ɖa, ɖe woƒe dzidzedzekpɔkpɔ metso woawo ŋutɔ gbɔ oa? Ame vɔ̃ɖiwo ƒe adaŋudede te ɖa sãa tso gbɔnye. |
|
| 17 |
|
| “Ðe ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi metsina enuenu oa? Ðe dzɔgbevɔ̃e medzɔna ɖe wo dzi oa? Ðe Mawu medoa dziku ɖe wo ŋu, eye wònana be wokpea fu oa? |
|
| 18 |
|
| Ðe ame vɔ̃ɖiwo mele abe gbe ƒuƒu si ya lɔna ɖe nu ene oa? Ðe womele abe tsro si ahom kplɔna dzonae ene oa? |
|
| 19 |
|
| Àgblɔ be: ‘Mawu lia kɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuvɔ̃wo ɖi na wo viwo.’ Ao! Neɖo eteƒe na woawo ŋutɔ bene woanya ale si wòle. |
|
| 20 |
|
| Ame vɔ̃ɖiwo nekpɔ woawo ŋutɔ ƒe tsɔtsrɔ̃ kple ŋku. Woawo ŋutɔ neno Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoe helihelĩ la. |
|
| 21 |
|
| Ne woƒe ŋkeke de woku la, ɖe wogatsɔa ɖe le woƒe aƒemenyawo mea? |
|
| 22 |
|
| Mawu, ame si drɔ̃a ʋɔnu dziƒotɔwo gɔ̃ hã la, ɖe ame aɖe afia nunya eyama? |
|
| 23 |
|
| Ame aɖe ku, esi nu dze edzi nɛ, wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, le dedie. |
|
| 24 |
|
| Ekpɔ lã me, eye eƒe ƒutomemi bɔbɔ. |
|
| 25 |
|
| Ame bubu ya kpe fu geɖe, eye mese vivi aɖeke le agbe me kpɔ hafi ku o. |
|
| 26 |
|
| Ke wo kple eve la siaa mlɔ ke me sɔsɔe, nyéwo tsyɔ wo dzi abe avɔ ene.” |
|
| 27 |
|
| “Kpɔ ɖa, menya miaƒe susu kple aɖaŋu vɔ̃ siwo mieɖo ɖe ŋunye la. |
|
| 28 |
|
| Elabe miebia be: ‘Afi ka amegã ƒe aƒe le? Agbadɔ si me ame vɔ̃ɖi la nɔ la ɖe?’ |
|
| 29 |
|
| Ðe miebia nya aɖeke mɔzɔlawo se kpɔ oa? Womegblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ na mi kpɔ oa? |
|
| 30 |
|
| Womegblɔ be le dzɔgbevɔ̃e gbe la, wotoa ame vɔ̃ɖi ŋuti dzaa, eye woxɔna nɛ le dɔmedzoedogbe oa? |
|
| 31 |
|
| Ame ka doa dzi gblɔa ame vɔ̃ɖi ƒe nu siwo wòwɔna la nɛ, ŋkume kple ŋkume, eye ame ka hãe hea to nɛ ɖe vɔ̃ si wòwɔ la ta? |
|
| 32 |
|
| Ne wokɔe yi do gbɔ la, wodzɔa yɔdo la ŋu. |
|
| 33 |
|
| Anyikɔwo vivia enu, amewo dzea eyome. Ame siwo dze eŋgɔ la mele xexlẽme o. |
|
| 34 |
|
| Ne ele alea ɖe, ale ke miafa akɔ nam kple miaƒe nya dzodzro siawo? Miaƒe ŋuɖoɖowo katã nye alakpa.” |
|
|
|
|