|
| 1 |
|
| Hiob ɖo nya ŋu nɛ be, |
|
| 2 |
|
| “Ɖo to nyuie nàse nye nyawo, esia nenye akɔfafa si nànam. |
|
| 3 |
|
| Migbɔ dzi ɖi nam, ne maƒo nu eye ne meƒo nu vɔ la, miate ŋu ayi miaƒe alɔmeɖeɖe dzi. |
|
| 4 |
|
| “Amegbetɔe mele konyi fam na? Nu ka ta nyemagbe dzigbɔɖeanyi o? |
|
| 5 |
|
| Mikpɔm ɖa, ne miaƒe mo nawɔ yaa eye miaƒu asi nu. |
|
| 6 |
|
| Ne mebu nu sia ŋuti la ŋɔ dziam eye nye ameti blibo la medzona nyanyanya. |
|
| 7 |
|
| Nu ka ta ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe, tsina, kua amegã, eye woƒe ŋusẽ dzina ɖe edzi ɖo? |
|
| 8 |
|
| Wonɔa agbe, kpɔa wo viwo lia ke heƒoa xlã wo eye woƒe dzidzimeviwo tsina le wo ŋkume. |
|
| 9 |
|
| Woƒe aƒewo me le dedie, wovo tso vɔvɔ̃ ƒe asi me eye Mawu ƒe ameƒoti mevaa wo dzi o. |
|
| 10 |
|
| Woƒe nyitsuwo megbea asiyɔyɔ o, woƒe nyinɔwo dzia vi eye fu megena le wo ƒo o. |
|
| 11 |
|
| Woɖea wo viwo doa goe abe lãha ene eye wo vi suewo nɔa fefem henɔa ɣe ɖum. |
|
| 12 |
|
| Wodzia ha ɖe asiʋuiwo kple kasaŋkuwo ŋu eye wotua aglo ɖe kpẽ ƒe ɖiɖi ŋu. |
|
| 13 |
|
| Woɖua woƒe ƒewo le dzidzedzekpɔkpɔ me eye woyia yɔ me le ŋutifafa me |
|
| 14 |
|
| gake wogblɔna na Mawu be, ‘Ɖe asi le mía ŋu! Medzro mí be míanya wò mɔwo o. |
|
| 15 |
|
| Ame kae nye Ŋusẽkatãtɔ be míasubɔe? Viɖe ka míakpɔ ne míedo gbe ɖa nɛ?’ |
|
| 16 |
|
| Evɔa woƒe dzidzedzekpɔkpɔ mele woawo ŋutɔ ƒe asi me o, eya ta menɔ adzɔge na ame vɔ̃ɖiwo ƒe aɖaŋudede. |
|
| 17 |
|
| “Ke hã la, zi nenie ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina? Zi nenie dzɔgbevɔ̃e dzɔna ɖe wo dzi, esi nye nu si Mawu ɖo ɖi na wo le eƒe dziku me? |
|
| 18 |
|
| Zi nenie wole abe gbe ƒuƒu si ya lɔ ɖe nu alo atsa si ahom lɔ ɖe nu ene? |
|
| 19 |
|
| Wogblɔ be, ‘Mawu ɖo amegbetɔ ƒe tohehe ɖi na via ŋutsuwo.’ Anyo be wòahe to na amea ŋutɔ, ne wòanya nu si wònye! |
|
| 20 |
|
| Eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo nekpɔ eƒe gbegblẽ, eye wòano Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoekplu |
|
| 21 |
|
| elabena ɖe wòtsɔ ɖe le eme na ƒometɔ siwo wògblẽ ɖe megbe esi ɣleti siwo woɖo ɖi nɛ la wu nua? |
|
| 22 |
|
| “Ɖe ame aɖe ate ŋu afia gɔmesese Mawu, esi wònye eyae drɔ̃a ʋɔnu ame kɔkɔtɔ gɔ̃ hã? |
|
| 23 |
|
| Ame aɖe ku esi eƒe agbe ɖo vivime, wòle dedinɔnɔ me eye wòɖe dzi ɖi bɔkɔɔ, |
|
| 24 |
|
| eƒe ŋutilã kpɔ nunyiame nyuitɔ eye ƒutomemi yɔ eƒe ƒuwo me fũu. |
|
| 25 |
|
| Ame bubu ku le eƒe luʋɔ ƒe nuxaxa me eye mese vivi na nu vivi aɖeke kpɔ o. |
|
| 26 |
|
| Ke wo ame evea mlɔ kasanu le ke me, eye ŋɔviwo ɖi ba ɖe wo kple evea dzi. |
|
| 27 |
|
| “Menya nu siwo susum miele la nyuie kple nu vɔ̃ɖi siwo ɖom miele be miadze agɔ le dzinye. |
|
| 28 |
|
| Miegblɔ be, ‘Afi ka ame xɔŋkɔ la ƒe aƒe le eye agbadɔ si me ame vɔ̃ɖiwo nɔ la ɖe?’ |
|
| 29 |
|
| Miebia gbe mɔzɔlawo kpɔ oa? Mietsɔ ɖeke le woƒe nuteƒekpɔkpɔ si wogblɔ fia mi la me be |
|
| 30 |
|
| woɖea ame vɔ̃ɖi le dzɔgbevɔ̃egbe, eye woɖenɛ le dzikugbe oa? |
|
| 31 |
|
| Ame kae ɖe eƒe agbe vlo si nɔm wòle la ɖe mo nɛ kpɔ? Ame kae ɖoa nu tovo si wòwɔ la teƒe nɛ? |
|
| 32 |
|
| Wokɔnɛ yia yɔdo gbɔe eye wodzɔa eƒe yɔdokpe ŋu. |
|
| 33 |
|
| Ke siwo le balime la vivi enu, amewo katã dze eyome eye ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la dze ŋgɔ nɛ. |
|
| 34 |
|
| “Eya ta aleke miate ŋu awɔ atsɔ miaƒe bometsinyawo afa akɔ nam mahã? Naneke mele miaƒe nyaŋuɖoɖowo me wu alakpa o!” |
|
|
|
|