×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Hiob 23

1
Eye Hiob ɖo ŋu gblɔ bena:
2
Wobu nye konyifafa aglãdzedzee egbea hã, eye eƒe asi nu se ɖe nye hũɖeɖe dzi.
3
Oo, ne mahanya, afisi matu eyama le, eye made kekeke enɔƒe de!
4
Matsɔ nye nya aɖo eŋku me, eye nye nume ayɔ fũ kple ɖokuitaʋlinyawo;
5
ne menya, alesi wòaɖo eŋu nam, eye madze si nya, si wòagblɔ nam.
6
Ɖe wòatsɔ eƒe ŋusẽ triakɔ la awɔ aʋa kplima? Kpao ke boŋ akpɔ dzinye!
7
Eye ame dzɔdzɔe ahe nya kplii, eye tɔnye adzɔ, madza le nye ʋɔnudrɔ̃la gbɔ ɖikaa.
8
Kpɔ da, mete ɣedzeƒe gome, mele afima o; mete ɣetodoƒe gome, nyemekpɔe o.
9
Ne ele nu wɔm le anyiehe la, nyemekpɔnɛ o; eye ne etrɔ ɖo ta dziehe la, nye ŋku metunɛ o.
10
Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.
11
Nye afa mede eƒe afɔɖeɖewo ƒu o, melé ŋku ɖe eƒe mɔ ŋu, eye nyemedze o.
12
Nyemete ɖe aga le eƒe nuyi ƒe sewo ŋu o, eye medzra eƒe nu me nyawo ɖo wu nye ŋutɔ nye se.
13
Ke eya la metrɔna o, ameka axe mɔ na? Ne nane dzroe la, ewɔnɛ!
14
Aƒo nye nya la ade goe, eye esia tɔgbe geɖe le tame nɛ:
15
Eyata vɔvɔ̃ ɖom le eŋku me, eye ne meyi tame la, dzidzi ƒoam.
16
Mawu ɖe dzi le ƒonye, eye ŋusẽkatãtɔ ɖo dzikatsoƒoe nam.
17
Elabena menye viviti la ta wòtsrɔm ɖo o, eye menye nye ŋutɔ tae blukɔ tsyɔm ɖo o.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Save Notes