Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Eye Hiob ɖo ŋu gblɔ bena: |
| 2 |
| Ame kudɔe ŋue nye esia nèkpe ɖoa, eye alɔ beli enye esia nèxɔ naa? |
| 3 |
| Aɖaŋu pɛ nye esia nèɖo na ame manyanu, eye nètrɔ nunya ƒo ɖi dududua? |
| 4 |
| Ameka ƒe nyawo nèva gblɔ, eye ameka ƒe gbɔgbɔe do tso mewò? |
| 5 |
| Vɔvɔliwo le ʋuʋum nyanyanya le tsiwo kple wo me nuwo te. |
| 6 |
| Tsiẽƒe tsi go le eŋku me, eye woklo nu le ketu me dzi, |
| 7 |
| eya, amesi keke anyiehe ɖe ya me, eye meku anyigba ɖe naneke ŋu o; |
| 8 |
| amesi blaa tsiwo ɖe alilikpowo me, eye alilikpoawo medzena le wo ŋu o; |
| 9 |
| amesi xea eƒe fiazikpui ŋku me hekekea alilikpo ɖe edzi. |
| 10 |
| Eɖe liƒo ɖe tɔwo dzi godoo, vaseɖe afisi kekeli ke ɖe viviti ŋu le. |
| 11 |
| Dziƒosɔtiwo le dzodzom kpekpekpe, eye dziku tso wo ƒo le eƒe ŋɔdzidoname la, |
| 12 |
| Eƒe ŋusẽ nana ƒu dzea agbo, eye wògbãa ƒu me lãtsu gudugudu le eƒe nunya nu. |
| 13 |
| Eƒe ƒuƒu na dziŋgɔli me kɔ, eye eƒe asi ƒo nu ɖe ʋɔ dranyi, si le sisim la. |
| 14 |
| Kpɔ ɖa, esiawo nye eƒe mɔwo to ko, eye nusi sem miele la, enye dalidodo. Ke ameka ate ŋu abe eƒe ŋusẽ ƒe gbeɖeɖe gɔme? |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/026.mp3
42
26