|
| 1 |
|
| Emegbe Hiob ke nu heƒo fi de eƒe dzigbe. |
|
| 2 |
|
| Eye Hiob xɔ edzi gblɔ bena: |
|
| 3 |
|
| Gbesigbe wodzim kple zã, si gblɔ be, wodzi ŋutsuvi la, nebu! |
|
| 4 |
|
| Ŋkeke ma nedo viviti, Mawu megabia eta tso dziƒo o, eye keklẽ megaklẽ ɖe edzi o! |
|
| 5 |
|
| Viviti kple blukɔ negbugbɔe yii, alilikpo dodo netsyɔe edzi, eye zãdokeli neɖo dzikatsoƒoe nɛ! |
|
| 6 |
|
| Viviti nekplɔ zã ma yii, dzi megadzɔe le ƒe me ŋkekewo dome o, eye megana dzinuwo ƒe xexlẽ me o! |
|
| 7 |
|
| Kpɔ ɖa, zã ma neɖi ƒuƒlu, eye aseye megaɖi le eme o! |
|
| 8 |
|
| Amesiwo ɖoa golo ŋkeke, eye wotea ŋu ɖee adã ta me na ʋɔ driba la, nedo ɖiŋu nɛ! |
|
| 9 |
|
| Eƒe ŋukeɣleti neɖo viviti; nelala keklẽ, ke ɖeke megado o, eye megakpɔ agudzedze ƒe aɖaba o! |
|
| 10 |
|
| Elabena mexa danye ƒe vidzidɔ nu o, eye meɣla fuwɔame ɖe nye ŋkuwo o. |
|
| 11 |
|
| Nukaŋuti nyemeku ɖe ɖanye ƒe dɔ me oa? Eye esi medo tso dɔ me la, nukaŋuti nyemetso me o? |
|
| 12 |
|
| Nukata wotsɔm do akɔ eye nukata meno no ɖo? |
|
| 13 |
|
| Anye ne memlɔ anyi, eye megbɔ de eme, anye ne medɔ alɔ̃, eye medzudzɔ |
|
| 14 |
|
| kple anyigba dzi fiawo kple adaŋumegãwo, amesiwo tu; ameɖiƒewo na wo ɖokui, |
|
| 15 |
|
| alo kple amegã, siwo si sika bɔ ɖo, amesiwo ƒe yɔdo yɔ kple klosalo |
|
| 16 |
|
| Ɖe mele ahe la gege, si woɖe do ene la, anye ne nyemegali o; eye anye, ne mele abe vidzie, siwo mekpɔ kekeli kpɔ o la ene. |
|
| 17 |
|
| Afima ame nyanyrãwo dzudzɔ agbodzedze le, afima eme gbɔdzɔgbɔdzɔwo gbɔ ɖe eme le. |
|
| 18 |
|
| Gatɔwo hã gbɔ ɖe eme, eye womegale kplɔlawo ƒe gbe sem o. |
|
| 19 |
|
| Ɖeviwo kple tsitsiawo siaa sɔ le afima, eye kluvi vo tso eƒe aƒetɔ si me. |
|
| 20 |
|
| Nukaŋuti wòna kekeli ayaɖulawo? Eye wòtsɔ agbe na nuxalawo? |
|
| 21 |
|
| Amesiwo le ku dzɔm, ke meva o, eye wole ŋu tsom nɛ wu kesinɔnuwo; |
|
| 22 |
|
| amesiwo akpɔ dzidzɔ atso aseye, ati kpo, nenyo be, woakpɔ yɔɖo: |
|
| 23 |
|
| ŋutsu, si ƒe mɔ bu ɖee, amesi ŋgɔ Mawu tɔ kpɔ ɖo. |
|
| 24 |
|
| Elabena nye tseɖuɖu xɔ ɖe nuɖuɖu teƒe nam, eye nye hũɖeɖe le dodom abe tsi ene. |
|
| 25 |
|
| Elabena nusi vɔ̃m mele la, va dzinye, eye nusi ŋu mele dzodzom nyanyanya ɖo la, dzɔ ɖe dzinye. |
|
| 26 |
|
| Nyemekpɔ; ŋutilafa, dzudzɔ kple gbɔɖemea ɖeke o tso, hafi veveawo le ga: dom ɖe dzi. |
|
|
|
|