×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Hiob 35

1
Elihu gblɔ yi edzi be:
2
“Ðe nèbu be esɔ be yeagblɔ be: ‘Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔ’ mahã?
3
Elabe èle gbɔgblɔm be: ‘Viɖe ka le eme nam fifia? Ne nye nuvɔ̃e mewɔ hã ɖe, ɖe wòanyo nam wua?’
4
Maɖo eŋu na wò kple xɔ̃wòawo!
5
Fɔ mo dzi nàkpɔ dziŋgɔli ɖa! Lé ŋku ɖe alilikpowo ŋu. Wole dzi ʋĩi tso gbɔwò.
6
Ne èwɔ nuvɔ̃ la, nane nèwɔ Mawua? Ne wò nuvɔ̃wo dzi ɖe edzi la, nu vevi ka nèwɔ Mawu?
7
Ne èwɔ nu dzɔdzɔe la, nu ka nètsɔ nɛ? Alo ne mèɖi fɔ o la, nu ka nènae?
8
Nunana ka wòxɔ tso asiwò me? Ne èwɔ vɔ̃ o, èwɔ nu dzɔdzɔe o, amegbetɔ abe wò ke enee akpɔ emetsonu.”
9
“Le ameteɖeanyi gbogboawo ta amewo doa ɣli. Wodoa boboe ɖe dziɖula ŋutasẽla ta.
10
Gake ame aɖeke mebiana be: ‘Afi ka Mawu, nye Wɔla le hã?’ o. Eyae naa ŋusẽ mí le zã me.
11
Eyae fiaa nu mí wu anyigba dzi lãwo, eye wòna nunya mí wu dziƒoxewo.
12
Ame siawo doa ɣli, ke Mawu meɖoa eŋu o le woƒe vɔɖivɔ̃ɖi kple dàda ta.
13
Le nyateƒe me la, Mawu mesea ɣli ƒuƒlu o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mebua eŋu o.
14
Esi gagblẽ wu lae nye be, wò la, èbe yemele ekpɔm o; yeƒe nya le egbɔ, eye yele esi nu kpɔm!
15
Ke azɔ la, esi Mawu medoa dziku, hea to na ame o, metsɔa ɖeke le vo geɖe dada me o ta la,
16
Hiob ke nu le nya ƒuƒluwo gblɔm ko. Nunya aɖeke mele wo me o.”
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes