×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Hiob 36

1
Eye Elihu ƒo nu yi dzi gblɔ bena:
2
Kpɔ asinyenu vie, eye mafia nu wò, elabena nya gali woagblɔ ɖe Mawu ŋu.
3
Mahe nye nunya tso adzɔge vɛ, eye matso na nye wɔla.
4
Elabena nytateƒee, alakpa mele nye nyawo me o, eye nunyala kpamkpam enye si le gbɔwò.
5
Kpɔ ɖa, Mawu lolo, eƒe nunya ƒe ŋusẽ tri akɔ, ke medoa vlo amea ɖeke o,
6
Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, eye wòtsona na hiãtɔwo.
7
Meɖea eƒe ŋku ɖa le ame dzɔdzɔewo ŋu o, eye wònana wobɔbɔ nɔa fiawo gbɔ le fiazikpuiwo dzi ɖaa, ne woatsi kɔkɔƒe.
8
Ne wode kɔsɔkɔsɔ wo, eye wole hiã ƒe ka me la,
9
eɖea woƒe nuwɔwɔ kple woƒe dzidadawo fiaa wo, le esi wodo wo ɖokui ɖe dzi ta:
10
eʋua to na wo ɖe tohehe la ŋu hegblɔna be, woatrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me.
11
Ne woɖo to, eye wosubɔe la, ekema woawu woƒe ŋkekewo nu le dzɔgbenyuie me kple woƒe ƒewo nu le dzidzɔ me.
12
Ke ne womeɖo to o la, ekema woatsi aŋutrɔ nu, eye wo nu ayi le numanyamanya me.
13
Dɔmedzoe le dzi ta na eme vlowo, eye ne ede ga wo la, womeƒoa koko o,
14
ale be wokuna le ɖekakpui dzodzoe me, eye woƒe agbe nɔna abe matrewɔla tɔ ene.
15
Ke etsɔa hiã ɖea hiãtɔwoe, eye wòtsɔa xaxa nua to na woe.
16
Aɖe wò hã tso xaxa ƒe ve me ayi teƒe keke, afisi mexaxa o, eye nusiwo ava wò kplɔ̃ dzi la, ada ami nyanyanya.
17
Ke ne ame vɔ̃ɖi ƒe afiatsotso yɔ mewò fũ la, ekema afiatsotso kple tohehe adze dziwò.
18
Elabena dɔmedzoe megaflu wò nayi fewu ɖu ge o, eye tawòƒlega gbogboawo megakplɔ wò trae o.
19
Ɖe wò ɣli, si nèɖo le hiã me kple wò kutrikukuwo katã ate ŋu ade nane nua?
20
Zã si kplɔ dukɔwo ɖa le wo teƒe ƒiaƒiaƒia la, meganɔ dzrowòm o.
21
Kpɔ ɖokuiwò dzi nyuie! Megatrɔ ɖe yakanu ŋu o, elabena èlɔ̃a eya wu hiã.
22
Kpɔ ɖa, Mawu tsɔa eƒe ŋusẽ wɔa nu tsuwo; eye ameka nye nufiala abe eya ene?
23
Ameka ɖo eƒe mɔwo nɛ, eye ameka kpɔ mɔ agblɔ nɛ be: Ewɔ nu manyomanyo?
24
Ke boŋ ɖo eƒe nuwɔwɔ, siwo ŋu amegbetɔwo dzia ha le la, ɖe dzi!
25
Amegbetɔwo katã kpɔa dzidzɔ le eŋu, eye kodzogbea kpɔnɛ tsoa adzɔge.
26
Kpɔ ɖa, Mawu tri akɔ, mele nyanya me na mí o, eye eƒe ƒewo gɔmedidi meli o.
27
Elabena ehea tsi toŋtoŋwo yia dzii, eye eƒe afuwo dzaa tsi,
28
woɖuɖuna tsoa alilikpowo me, eye wonyɔna ɖe ame geɖewo dzi.
29
Ɖe amegbelɔa ɖe nya, alesi wokekea alilikpowo me, kple alesi eƒe agbaɖɔ dzena kprrr… laea?
30
Kpɔ ɖa, ekeke kekeli ɖe eɖokui dzi, eye wòtsɔ afu, si ɖo tso atsiaƒu me la, tsyɔ eɖokui dzi.
31
Elabena eya wòtsɔna hea to na dukɔwo, eye wònaa nuɖuɖu wo kpaekpaŋ.
32
Eɣla dzikedzo ɖe eƒe asiawo kple eve me, eye wòdɔe ɖa ɖe eƒe ketɔwo ŋu.
33
Eƒe gbeɖeɖe le boblo domi, eye eƒe dɔmedzoe le ŋu ʋãm ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Save Notes