|
| 1 |
|
| Ènya agamegbɔ̃ewo ƒe vidziɣia? eye ɖe nèdze si ɣeyiɣi, si fu ɖua zinɔwoa? |
|
| 2 |
|
| Exlẽ dzinu, alesi fu nɔa wo ƒom eye ènya ɣeyiɣi, si wodzia via? |
|
| 3 |
|
| Wodzea klo heda wo viawo ɖi, eye wovona tso woƒe vevesesewo me. |
|
| 4 |
|
| Ŋusẽ ɖoa wo viawo ŋu, eye wotsina le gbe me, wodzona, eye womegagbɔna vaa wo gbɔ o. |
|
| 5 |
|
| Ameka na ablɔɖe gbetedzi? Eye ameka tu ka gbetedzi, |
|
| 6 |
|
| si metsɔ gbegbe wɔ aƒe na, eye metsɔ dzeƒe wɔ eƒe nɔƒee? |
|
| 7 |
|
| Du me howɔwɔ le kokoe ɖim nɛ, eye mele kplɔla ƒe ɣlidodo sem o. |
|
| 8 |
|
| Ele ŋu tsam na gbeɖuƒe le towo dzi, eye wòle gbe mumu ɖesiaɖe yome mɔ dim. |
|
| 9 |
|
| Ɖe tò alɔ̃ asubɔ wò kpoo, eye wòatsi wò lãto gbɔ adɔa? |
|
| 10 |
|
| Ɖe àte ŋu ade ka tò ɖe agbleŋlɔnu ŋu, alo wòagudu bali me le yowòmea? |
|
| 11 |
|
| Ɖe naɖo ŋu ɖe eŋu, le esi ŋusẽ kako le esi ta, eye natsɔ wò dɔ agblẽ ɖe esi mea? |
|
| 12 |
|
| Ɖe naɖo dzi ɖe eŋu be, atsɔ wò agblemenuwo ava aƒee, eye wòaƒo wo nu ƒu ɖe wò ava mea? |
|
| 13 |
|
| Golonɔ ƒoa aʋala kpakpakpa, ke damixe ƒe aʋala kple fu ye wònyea? |
|
| 14 |
|
| Kpao, hafi boŋ eɖaa eƒe azi ɖe anyigba, eye wònana ke dzodzoe ƒoa wo; |
|
| 15 |
|
| ke eŋlɔnɛ be, be woaɖo afɔ edzi, eye gbemelãwo agbãe. |
|
| 16 |
|
| Esẽa ŋuta le viawo ŋu, abe menye eto wonye o ene; eye ne eƒe agbagbadzedze zu dzodzro ha la, ŋɔ medzinɛ o. |
|
| 17 |
|
| Elabena Mawu na nunya bu ɖee, eye mena gɔmesesea ɖekee o. |
|
| 18 |
|
| Ne edzo ʋanana la, ekoa sɔ kple edola. |
|
| 19 |
|
| Wòe na ŋusẽ sɔa, eye wòe tsa kɔdza tsyɔ kɔ ŋu nɛa? |
|
| 20 |
|
| Wòe na wòdzoa kpo abe ʋetsuvi enea? Eƒe gbagba fuxefuxe enye ŋɔdzi. |
|
| 21 |
|
| Ele anyigba kam, ekpɔa dzidzɔ le eƒe ŋusẽ ŋu, eye wòyina ɖakpea akpablalawo. |
|
| 22 |
|
| Vɔvɔ̃ ɖoa nukokoe ne, ŋɔ medzinɛ o, eye metrɔa megbe dea yi o. |
|
| 23 |
|
| Daku, akplɔ kple tunuhlo le zi dom ɖe eŋu. |
|
| 24 |
|
| Enyrã, eye wòdze agbo heka anyigba le dadam, eye ne kpẽ di hã la, metɔna o. |
|
| 25 |
|
| Ne kpẽ ɖi la, exlɔ̃na be: Eɖo dzi loo! Aʋa kple aʋafia ƒe gbedeɖe kpakple aʋaɣli ƒe ya le edzi dzem tso adzɔge ke! |
|
| 26 |
|
| Wò nunya nue aʋako dzona, eye wòkekea eƒe aʋala ɖoa ta dziehe lena? |
|
| 27 |
|
| Ɖe hɔ̃ dzona le wò nya nu, eye wòwɔa eƒe atɔ de kɔkɔƒea? |
|
| 28 |
|
| Enɔa agakpewo dzi, eye wòwɔa atɔ ɖe agakpewo to kple towo ƒe tsutsuèaƒe. |
|
| 29 |
|
| Afima wòtsaa ŋu nuɖuɖu tsona, eye eƒe ŋku kpɔa keke didiƒe ke. |
|
| 30 |
|
| Viawo noa ʋu, eye afisi ame tsiaʋawo le la, afima wònɔna. |
|
|
: |
| 1 | | 2 | | 3 | | 4 | | 5 | | 6 | | 7 | | 8 | | 9 | | 10 | | 11 | | 12 | | 13 | | 14 | | 15 | | 16 | | 17 | | 18 | | 19 | | 20 | | 21 | | 22 | | 23 | | 24 | | 25 | | 26 | | 27 | | 28 | | 29 | | 30 | 1
1
1 |
|
|---|
|
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/039.mp3
42
39