Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Tete Temanitɔ Elifaz xɔ edzi gblɔ bena: |
| 2 |
| Ne wodo nya ɖe gbɔwò la, ɖe woaɖu dzi na woa? Ke ameka ale ŋu ami nye ɖe dɔ me? |
| 3 |
| Exlɔ̃ nu ame geɖewo, eye nedo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo. |
| 4 |
| Wo nya fɔ ame kudɔewo ɖe te, eye nèdo ŋusẽ klo benɔwo. |
| 5 |
| Azɔ, esi wòɖo dziwò la, wɔna vɔ le ŋuwòa? Azɔ, esi wòdzɔ ɖe dziwò la, dzi ɖe le ƒowòa? |
| 6 |
| Ɖe menye wò mawuvɔvɔ̃ enye wò dziɖeƒo oa? Eye wò zɔzɔ meɖitɔ la enye wò mɔkpɔkpɔ oa? |
| 7 |
| Bu eme kpɔ! Ameka dome gblẽ fɔmaɖimaɖii kpɔa? Eye afika wotsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo le kpɔa? |
| 8 |
| Le nye nukpɔkpɔ nu la amesiwo ŋlɔa dzɔgbevɔ̃e hetsɔa agbagbadzedze ƒãna la, woawoe xanɛ ha. |
| 9 |
| Mawu ƒe ƒuƒu gblẽ wo dome, eye eƒe dɔmedzoe gbɔgbɔ na wo nu yi. |
| 10 |
| Dzata le xɔxlɔ̃m, dzata le gbe ɖem, ke woŋe aɖu na dzataviwo. |
| 11 |
| Dzata tsrɔ̃, le esi nuléle meli o la, eye dzatãnɔ ƒe viwo ka hlẽ. |
| 12 |
| Gbea ɖe ɖi va gbɔnye dzaa, eye nye to se dalidodo |
| 13 |
| le zã me ŋutega ƒe tameyiyi me, esime amewo yi alɔ̃ me ʋĩ. |
| 14 |
| Nye lãme ble fu, dzidzi ƒom, eye nye ƒuwo katã dzo kpekpekpe. |
| 15 |
| Yea ɖe ƒo va to ŋunye, ɖadoe ɖo to ɖe ŋunye. |
| 16 |
| Nɔnɔmea ɖe tsi tre ɖe ŋkunye me, ke nyemedze sii o, eye mese gbe bɔlɔea ɖe be: |
| 17 |
| De ame kodzogbea nye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋku mea? Alo ɖe ŋutsua ɖe dza le ewɔla ŋku mea? |
| 18 |
| Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe subɔlawo ŋu o, eye wòbua tatra ɖe eƒe dɔlawo ke hã ŋu |
| 19 |
| ʋuu kekeke wòahayi anyixɔ me nɔlawo nye ge, amesiwo dzɔ tso anyi me, eye wolilia afɔ wo dzi abe agbagblaʋuiwo ene. |
| 20 |
| Woatugu wo tso ŋdi vaseɖe fiẽ, eye woabu nigbi, amea ɖeke madze sii o. |
| 21 |
| Ɖe mele eme oa? Ne wotso woƒe agbadɔka le wo ŋu la, ekema wokuna le numanyamanya me. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/job/004.mp3
42
4