×

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913

Hiob 42

1
Tete Hiob ɖo ŋu na Yehowa gblɔ bena:
2
Azɔ menyae be, ate ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèdo la, mesesẽna na wò o.
3
Ameka tsoa numanyamanya tsyɔa adaŋudede dzia? Eyata megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o, kple nusiwo kɔ wum, eye nyemedze si wo o la.
4
Ɖo to, ne maƒo nu; mabia nya wò, eye nafia num!
5
Wogblɔ nya le ŋuwò mese; ke azɔ la nye ŋkuwo kpɔ wò.
6
Eyata megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.
7
Eye wòva me, esi Yehowa ƒo nusiawo kple Hiob vɔ megbe la, Yehowa gblɔ na Temanitɔ Elifaz bena: Nye dɔmedzoe bi ɖe mia kple xɔ̃wò eveawo ŋu, elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le nunya abe nye ɖɔla Hiob ene o.
8
Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.
9
Tete Temanitɔ Elifaz, Suaxtɔ Bildad kple Naamatɔ Zofar woyi ɖawɔ, abe alesi Yehowa gblɔ na wo ene; eye Yehowa kpɔ Hiob ŋku me.
10
Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.
11
Eye nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple eƒe ame nyanyɛ tsãtɔwo katã va egbɔ; woɖu nu kplii le eƒe me, eye wodo baba nɛ hefa akɔ nɛ le dzɔgbevɔ̃e, siwo katã Yehowa he va edzi la ta, eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.
12
Yehowa yra Hiob fifia wu tsã, eye alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka nɔ esi.
13
Ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃ nɔ esi.
14
Ena ŋkɔ nyɔnuvi gbãtɔ be Yemima, evelia be Kezia, eye etɔ̃lia be Keren-Hapux.
15
Womekpɔ nyɔnu dzetugbea ɖeke le anyigba blibo la dzi ahe Hiob vinyɔnuwo ene o; eye wo fofo na anyigba wo ɖe wo nɔviŋutsuwo dome.
16
Esia megbe Hiob ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blane, eye wòkpɔ viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviwo, dzidzime ene sɔŋ.
17
Hiob tsi, eye agbenɔnɔ tii, hafi wòku.
Ewe Bible 1913
Bible in Éwé Revised Version Bible Society of Ghana, 1913, 2006
:
Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo