|
| 1 |
|
| Yɔ ame kpɔ, ɖe amea ɖe atɔ na wò hã? Eye kɔkɔetɔawo dometɔ ka ŋu nèbe, yeatrɔ ɖo? |
|
| 2 |
|
| Ke boŋ dziku wua bometsila, eye abunetɔ kuna ɖe ŋuʋaʋã me. |
|
| 3 |
|
| Mekpɔ bometsilaa ɖe do ke; tete wònyunyɔ ɖe enɔƒe enumake. |
|
| 4 |
|
| Ɖeɖe metso ɖe viawo gbo o, wofanya wo le agbo la me, eye xɔnametɔa ɖeke meli o. |
|
| 5 |
|
| Dɔwuitɔwo mi eƒe agblemenuwo, eye woɖahe wo tso keke ŋuvegoewo me ke, eye tsikɔwuitɔwo ɖa tsyo ɖe eƒe kesinɔnuwo ŋu. |
|
| 6 |
|
| Elabena dzɔgbevɔ̃e medona tsoa ke me o, eye hiãtuame metsoa anyigbatu me o, |
|
| 7 |
|
| ke boŋ wodzi amegbetɔ ɖe hiãtuame ŋu, abe alesi dzoxi dzena yia dzii ene. |
|
| 8 |
|
| Nyee wònyea, anye ne matrɔ ɖe Mawu ŋu, eye matsɔ nye nya ade asi na Mawu, |
|
| 9 |
|
| amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o, |
|
| 10 |
|
| amesi naa tsidzadza anyigba, eye woɖoa tsi ɖe lãnyiƒewo. |
|
| 11 |
|
| Edoa ame bɔbɔɖokuiwo de dzi, eye wòkplɔa dzɔgbenyuie ƒua nuxalawo. |
|
| 12 |
|
| Egblẽ ayetɔwo ƒe tameɖoɖo me, be woƒe asiwo magawɔ naneke wòaɖɔ aʋu o. |
|
| 13 |
|
| Eléa nunyalawo le woƒe ayenuwɔwɔ me, eye wònana ayedzelawo tsi klokloklo le woƒe adaŋudede me. |
|
| 14 |
|
| Viviti kpea wo le ŋkeke me, eye wonoa asi tsam le ŋdɔkutsu abe zã me ene. |
|
| 15 |
|
| Ke eɖea ame dahe tsoa yi nu, tsoa woƒe nu me, eye tsoa ŋusẽtɔ si me. |
|
| 16 |
|
| Mɔkpɔkpɔ li na hiãtɔ, eye nu vlo wɔwɔ amia nu. |
|
| 17 |
|
| Kpɔ ɖa, woayra amegbetɔ, si Mawu hea to na, eyata megado vlo ŋusẽkatãtɔ ƒe tohename o. |
|
| 18 |
|
| Elabena edea abi eme ŋu, eye wògablanɛ, eƒoa ame, eye eƒe asi daa gbe le eŋu. |
|
| 19 |
|
| Aɖe wò le fukpekpe ade me, eye le adadrelia me la vɔ̃a ɖeke maka esi ŋuwò o. |
|
| 20 |
|
| Le dɔŋɔli la aɖe wò tso ku me, eye le, aʋa me la aɖe wòtso yi nu. |
|
| 21 |
|
| Aɣla de adeɖiƒoame, eye ne gbegblẽ va la, mãvɔ o. |
|
| 22 |
|
| Àko gbegblẽ kple dɔwuame, eye mavɔ̃ anyigba dzi gbemelãwo o. |
|
| 23 |
|
| Elabena mia kple agble me kpewo miabla nu, eye gbemelãwo adze xɔlɔ̃ kpli wò. |
|
| 24 |
|
| Ekema adze sii be, wò agbadɔ ŋu fa, eye ne èɖe ŋku de nɔwòƒe la, naneke mahiã wò o. |
|
| 25 |
|
| Adze sii be, viwòwo sɔ gbɔ, eye wò dzidzimeviwo le abe gbe le anyigbã dzi ene. |
|
| 26 |
|
| Atsi aƒu ga, hafi ayi yɔ me, abe alesi wotsɔa lu bablawo va aƒee le woƒe ɣeyiɣi dzi ene. |
|
| 27 |
|
| Kpɔ ɖa, nusia me míedzro, eye ele eme alea; see eye nadzrae ɖo! |
|
|
|
|