×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Hiob 7

1
“Ðe menye aʋa mee amegbetɔ le le anyigba dzi oa? Eƒe ŋkekewo mele abe apaɖila tɔ ene oa?
2
Egale abe ale si kluvi dia vɔvɔli vevie, eye apaɖila kpɔa mɔ na eƒe fetu ene.
3
Ale tso ɣleti yi ɣleti la, hiãe nye tɔnye gome; tso zã yi zã la, fukpekpe dzi ko mele.
4
Ne memlɔ anyi la, mebiana be: ‘Ɣe ka ɣi gɔ̃ mafɔ?’ Ŋukeɣi metsɔna o; memlina, trɔna gatrɔna ʋuu va se ɖe fɔŋli.
5
Nye ŋutilã katã dze nyé, eye wòƒo ba. Nye ŋutigbalẽ wó, hele tsi ɖim.
6
Nye ŋkekewo ƒua du wu avɔlɔ̃ʋu; wo nu yina mɔkpɔkpɔ manɔmee.”
7
“O Mawu, ɖo ŋku edzi be ƒuƒu koe nye nye agbe. Nyemagatrɔ gbɔ, ava kpɔ nunyoname aɖeke kple ŋku o.
8
Ŋku si le kpɔyem fifia la, magakpɔm o. Ànɔ kpɔyem alea, ko mavɔ ɖa.
9
Ale si alilikpo kakana hebunae la, nenemae ne gbetɔ yi tsiẽƒe la, megagbɔna o.
10
Megatrɔna vaa eƒeme o, eye aƒea me tɔwo megadzea sii o.”
11
“Eya ta nyemazi ɖoɖoe o. Nye dzi gbã, gake maƒo nu. Maɖe nye luʋɔ ƒe vevesese afia.
12
Atsiaƒu menye alo ƒumelã dziŋɔe menye hafi nèɖe dzɔlawo ɖe ŋunyea?
13
Ne megblɔ be: ‘Nye aba afa akɔ nam, eye nye dɔƒe aɖe nye nyawo dzi kpɔtɔ nam’ la,
14
ekema ènana be mekua drɔ̃e vɔ̃wo, eye mekpɔa ŋutega dziŋɔwo.
15
Ne ɖe woalé vehlo nam be maku la, anyo nam sãa wu be mazu ƒu ɖeɖe alea.
16
Agbe tim azɔ. Nyemeva agbe nɔ ge tegbee o. Ðe asi le ŋunye; elabe nye ŋkekewo nye yagbɔgbɔ.
17
Nu kae nye gbetɔ be nèbua eŋu vevie ale? Nu ka ta wòle susu me na wò ale?
18
Èléa ŋku ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi, eye nèdonɛ kpɔ aɖabaƒoƒo sia aɖabaƒoƒo.
19
Màɖe kɔ ɖa le ŋunye vie, ne mami ta teti oa?
20
Wò amegbetɔwo ŋu dzɔla, ne mewɔ nuvɔ̃ ɖe, ɖe mewɔ nane wòa? Nu ka ta nètsɔm ɖo nu dzidzea na ɖokuiwò? Nu ka ta meva zu agba nètsɔ?
21
Nu ka ta màte ŋu tsɔ nye dzidadawo ake o? Màte ŋu aŋe aɖaba ƒu nye vodadawo dzi oa? Elabe azɔ mele ke me mlɔ ge. Àdim, ke nyemaganɔ anyi o.”
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes