|
| 1 |
|
| Hiob ɖo ŋu gblɔ bena: |
|
| 2 |
|
| Nyateƒe, menyae be, ele alea; eye aleke amegbetɔ ƒe nya adzɔ le Mawu gbɔa? |
|
| 3 |
|
| Ne edze eŋu wòbe, yeahe nya kplii la, mate ŋu aɖo akpe ƒe ɖeka ŋu o. |
|
| 4 |
|
| Dzi nyanu le esi, eye eƒe ŋusẽ kako. Ameka tsi tre ɖe eŋu, eye megbe kpɔdodoe o? |
|
| 5 |
|
| Emli towo ɖa, ke womenyae o; etrɔ wo bu anyi le eƒe dɔmedzoe me. |
|
| 6 |
|
| Eʋuʋu anyigba le enɔƒe, ale be eƒe sɔtiwo na. |
|
| 7 |
|
| Ede se na ɣe, eye medze o, eye wòtu nu ɖe ɣletiviwo nu. |
|
| 8 |
|
| Eya ɖeka keke dziŋgɔli me, eye wòzɔ ƒu dzeagbo dzi. |
|
| 9 |
|
| Ewɔ koklovinɔ, avũ kple avũtɔ kple atifieŋu kpakple dzieheɣletiviwo. |
|
| 10 |
|
| Ewɔ nu gã, si me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo melexexlẽ me o. |
|
| 11 |
|
| Kpɔ ɖa, eto ŋunye yi, eye nyiemekpɔe o; esa agbe va yi, eye nyemedze sii o. |
|
| 12 |
|
| Kpɔ ɖa, ehoa nu kple ke, ameka axe mɔ na? Ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle? |
|
| 13 |
|
| Mawu mefaa eƒe dziku nu o, eye Raxab ƒe xɔnametɔwo abɔbɔ ɖe ete. |
|
| 14 |
|
| Aleke nyea mahe nya kplii, eye afika makpɔ ava dzɔdzɔe le le eƒe ŋkume? |
|
| 15 |
|
| Ne tɔnye dza ʋuu keke hã la, nyemate ŋu aɖo ŋu nɛ o, koko boŋ maƒo na nyia ʋɔnudrɔ̃la la. |
|
| 16 |
|
| Ne meyɔe, eye wòtɔ nam hã, nyemaxɔe ase be, ele to ɖe nye gbe ŋu o. |
|
| 17 |
|
| Edze dzinye le ahom me, eye wòdzi nye abiwo ɖe dzi naneke mawɔmawɔe. |
|
| 18 |
|
| Mede mɔ nam be, magbɔ o, ke boŋ ena vevesesewo ɖi ƒo nam. |
|
| 19 |
|
| Ne eɖi ŋusẽ nu la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔ enye si; eye nenye ʋɔnudɔdrɔ̃ la, ameka akplɔm ayii? |
|
| 20 |
|
| Ne tanye dzɔ la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemeɖi fɔ o hã la, abum bubui. |
|
| 21 |
|
| Nyemeɖi fɔ o! Nyemedze si ɖokuinye o, eye megbe nye agbe! |
|
| 22 |
|
| Wo katã le ɖeka! Eyata mebe: Ame maɖifɔ kple fɔɖila siaa wotsrɔ̃na. |
|
| 23 |
|
| Ne atam de asi amewuwu me ɖe vo me ta, ekema eɖea alɔme te ame maɖifɔwo ƒe vevesese ŋu. |
|
| 24 |
|
| Wotsɔ anyigba de asi na nu vlo wɔlawo, eye wòtsyɔ nu mo na woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo. Ne menye eyae o la, ekema amekae wɔe? |
|
| 25 |
|
| Nye ŋkekewo le abla dem wu duƒula; wosi, eye womekpɔ dzɔgbenyuiea ɖeke o. |
|
| 26 |
|
| Woyi mii abe aƒlaʋu ene, eye abe alesi hɔ̃ dea agba anyi ɖe nuɖuɖu dzi ene. |
|
| 27 |
|
| Ne mebu be: maŋlɔ nye konyifafa be, madzudzɔ adãɖoɖo, eye makɔ mo la, |
|
| 28 |
|
| ekema nye veveseseawo katã doa vɔvɔ̃ nam, elabena menyae be, mèle tsotso ge nam o. |
|
| 29 |
|
| Fɔɖila menye tso, nukata manɔ agbagba dzem dzodzro ɖo? |
|
| 30 |
|
| Ne mele snotsi, eye meklɔ nye asi de adzalẽtsi me la, |
|
| 31 |
|
| ekema anyrɔm ɖe ba me, eye manyɔ ŋu na nye awuwo. |
|
| 32 |
|
| Elabena menye ame wònye abe nye ene, ne maɖo ŋu nɛ be: na míayi ʋɔnu o. |
|
| 33 |
|
| Nyametsolaa ɖeke mele mía dome, ne wòado asi mí ame eve la dzi o. |
|
| 34 |
|
| Ne eɖe eƒe ameƒoti la ɖa le ŋunye, eve eƒe ŋɔdzi megaɖo vɔvɔ̃ nam o la, |
|
| 35 |
|
| ekema maƒo nu, eye nyemavɔ̃e o; elabena menye alea mele o. |
|
|
|
|