Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe 1913
|
| 1 |
| Dawid ƒe ha. Madzi ha le amenuveve kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, wò Yehowa ye madzi kafukafuha na. |
| 2 |
| Malé ŋku ɖe maɖifɔmɔ ŋu. Ɣekaɣi nèle gbɔnye va ge? Mazɔ le nye dzi ƒe fɔmaɖimaɖi me le aƒenye me. |
| 3 |
| Nyemetsɔ nu tovo aɖo ŋku me o, melé fu dzidanuwɔwɔ, malé ɖe ŋunye o. |
| 4 |
| Dzi matomɔɖekɛ nete ɖa le ŋunye, nyemele naneke dim, be manya le nu vɔ̃ɖi ŋu o. |
| 5 |
| Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o. |
| 6 |
| Metsɔ nye ŋku ɖo anyigba dzi nuteƒewɔlawo ŋu, be woana gbɔnye; amesi zɔa maɖifɔmɔ dzi la, eya asubɔm. |
| 7 |
| Amesi daa alakpa le, manɔ aƒenye me o, eye amesi kaa aʋatso la, mali de ŋkunye me o. |
| 8 |
| Magblẽ anyigba dzi ame vɔ̃ɖiwo katã ŋdi sia ŋdi, ne matsrɔ̃ nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã ɖa le Yehowa ƒe du la me. |
| Dzra nuŋlɔɖiwo ɖo |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe1913/psalms/101.mp3
150
101