×

EƲEGBE BIBLIA 2014

Psalmowo 106

1
Mikafu Aƒetɔ! Mida akpe na Aƒetɔ, elabe eƒe dɔme nyo, elabe eƒe amenuveve li tegbee!
2
Ame kae ate ŋu agblɔ nu klitsu siwo Aƒetɔ wɔ, alo akafui wòade edeƒe?
3
Woyra ame siwo drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wowɔa nu dzɔdzɔe ɣeawo katã ɣi!
4
Aƒetɔ, ɖo ŋku dzinye ne ève wò dukɔ nu; kpe ɖe ŋunye ne èɖe wo;
5
na makpɔ wò ame tiatiawo ƒe nunyoname, ne matso aseye, akpɔ dzidzɔ kple wò dukɔ la, ne maƒo adegbe akpe ɖe wò domenyinu ŋu.
6
Mí kple mía tɔgbuiwo míewɔ nuvɔ̃, míewɔ nu vlo, míewɔ nuvɔ̃ɖi.
7
Mía tɔgbuiwo, esime wonɔ Egipte la, womede asixɔxɔ wò nukudɔwo ŋu o. Womeɖo ŋku wò amenuveve si gbã go la dzi o; ke wodze aglã ɖe Dziƒoʋĩtɔ la ŋu le Aƒlaƒu la nu.
8
Ke exɔ na wo le eŋkɔ la ta, be wòaɖe eƒe ŋusẽ triakɔ la afia.
9
Eblu ɖe Aƒlaƒu la ta, eye wòmie; ekplɔ wo to tɔ goglo la me, wozɔ afi ma ko abe kegbegbe ene.
10
Ale wòxɔ na wo tso ketɔ la si me, eye wòɖe wo tso futɔ la ƒe ŋusẽ te.
11
Tsi nyè tsyɔ woƒe ketɔwo; wo dometɔ ɖeka teti hã metsi agbe o.
12
Tete woxɔ eƒe nyawo dzi se, eye wodzi ha kafui.
13
Ke eteƒe medidi hafi woŋlɔ eƒe dɔwɔwɔwo be o, womelala eƒe aɖaŋuɖoɖo o.
14
Ke nu dzro wo vevie le gbedadaƒo, eye wote Mawu kpɔ le kegbegbe la;
15
ena nu si wobia la wo, gake eɖo kuɖidɔléle ɖe wo dome.
16
Esime amewo ʋã ŋu Mose kple Aron, Aƒetɔ ƒe ame kɔkɔe la, le asaɖa la me la,
17
anyigba ke nu mi Datan, eye wotsyɔ Abiram kple eƒe amewo dzi.
18
Dzo hã bi nu le woƒe ameha la dome, eye dzo fiã ame vɔ̃ɖiwo.
19
Wowɔ nyivi le Xoreb, eye wosubɔ legba si wokɔ̀ la.
20
Woɖɔli Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple nyitsu, si ɖua gbe la ƒe nɔnɔme.
21
Woŋlɔ Mawu, woƒe Xɔla si wɔ nu gãwo le Egipte,
22
ame si wɔ nukudɔwo le Xam-nyigba dzi kple ŋɔdzinuwo le Aƒlaƒu la nu la, be.
23
Eya ta egblɔ be yeatsrɔ̃ wo. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la, menɔ wo teƒe le eŋkume ne wòatsi eƒe dɔmedzoe si atsrɔ̃ wo la nu oa?
24
Tete wodo vlo anyigba nyui la, esi womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o ta.
25
Wolĩ liʋiliʋĩ le woƒe agbadɔwo me, eye womeɖo to Aƒetɔ ƒe gbe o.
26
Eya ta ekɔ asi dzi, ka atam na wo be yeana woatsi gbedadaƒo,
27
yeakaka woƒe dzidzimeviwo ɖe dukɔwo dome, eye yeahlẽ wo ɖe anyigbawo dzi.
28
Tete wotsɔ wo ɖokui lé ɖe Peor Baal ŋu, eye woɖu nu siwo wotsɔ sa vɔe na ame kukuwo la;
29
wotsɔ woƒe nuwɔnawo do dziku na Aƒetɔ, eye dɔ vɔ̃ ge ɖe wo dome.
30
Tete Pinehas tsi tsitre de nu nyadzɔdzɔ la me, eye dɔ vɔ̃ la nu tso.
31
Wobu esia nu dzɔdzɔe wɔwɔ nɛ, tso dzidzime yi dzidzime tegbee.
32
Wodo dziku nɛ le Meriba-tsi la gbɔ, eye le wo ta la, Mose ge ɖe nya me;
33
elabe wona eƒe gbɔgbɔ se veve, eye nya ge le enu.
34
Wometsrɔ̃ dukɔawo abe ale si Aƒetɔ gblɔ na wo la ene o.
35
Ke wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe nuwɔnawo wɔ.
36
Wosubɔ woƒe legbawo, nu si zu mɔ̀ ɖe wo.
37
Wotsɔ wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo sa vɔe na gbɔgbɔ vɔ̃wo.
38
Wokɔ ʋu maɖifɔ ɖi, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo, siwo wotsɔ sa vɔe na Kanaan-legbawo la, ƒe ʋue, eye wogblẽ kɔ ɖo na anyigba la kple ʋu.
39
Ale woƒo ɖi wo ɖokui to woƒe nuwɔnawo me, eye wowɔ gbolo le woƒe wɔnawo me.
40
Tete Aƒetɔ do dziku ɖe eƒe dukɔ la ŋu, eye wònyɔ ŋu eƒe domenyinu la.
41
Etsɔ wo de asi na dukɔwo ale be ame siwo lé fu wo la, ɖu wo dzi.
42
Woƒe futɔwo te wo ɖe anyi eye wobɔbɔ wo ɖe woƒe ŋusẽ te.
43
Eɖe wo zi geɖe; ke woɖo tame dze aglã, eye wobɔbɔ wo ɖe anyi to woƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me.
44
Ke hã la, ekpɔ woƒe xaxa me na wo, esi wòse woƒe ɣli.
45
Exa ɖe wo ta ɖo ŋku eƒe nubabla dzi, eye wòvee le eƒe amenuveve gbãgo la ta.
46
Ena ame siwo katã ɖe aboyo wo la, kpɔ nublanui na wo.
47
Aƒetɔ, mía Mawu, xɔ na mí, ƒo mía nu ƒu tso dukɔwo dome ne míakafu wò ŋkɔ kɔkɔe la, eye míatsɔ wò kafukafu aƒo adegbee.
48
Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me! Mina dukɔ blibo la nagblɔ be: “Amen!” Mikafu Aƒetɔ!
Ewe Bible 2014
EƲEGBE BIBLIA The Bible Society of Togo, 2014
:
Save Notes