EƲEGBE BIBLIA 2014
|
| 1 |
| Nye dzi dze eme, Mawu, nye dzi dze eme! Madzi ha, maƒo ha vivi. Luʋɔnye, nyɔ! |
| 2 |
| Saŋku kple kasaŋku, minyɔ! Mele agudzedze nyɔ ge! |
| 3 |
| Aƒetɔ, mada akpe na wò le dukɔwo dome. Madzi kafukafuhawo na wò le anyigbadzitɔwo dome. |
| 4 |
| Elabe wò amenuveve kɔ gbɔ dziƒowo ŋu yi; wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ alilikpowo. |
| 5 |
| Mawu, na woakɔ wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu! Na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la katã dzi! |
| 6 |
| Be woaɖe wò ame siwo nèlɔ̃ vevie la; tsɔ wò nuɖusi kpe ɖe mía ŋu, eye nàɖo tom. |
| 7 |
| Mawu do ŋugbe le eƒe kɔkɔeƒe la be: “Makpɔ dzidzɔ ama Sixem, eye mama Sukot-bali la hã me. |
| 8 |
| Gilead nye tɔnye; Manase nye tɔnye; Efrayim nye nye gakuku; Yuda nye nye fiatikplɔ. |
| 9 |
| Nye tsileze nye Moab. Maɖe nye afɔkpa aƒu gbe ɖe Edom. Mado dziɖuɣli ɖe Filistitɔwo ta.” |
| 10 |
| Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee? Ame kae akplɔm aɖo Edom? |
| 11 |
| Mawu, ɖe menye wòe gbe mí oa? Mawu, mègahona kple míaƒe aʋakɔwo o ɖe! |
| 12 |
| O, na kpekpeɖeŋu mí ɖe ketɔ la ŋu! Elabe amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele ɖeke me o. |
| 13 |
| Ne Mawu le mía dzi la, míawɔ kalẽ; eyae afanya míaƒe ketɔwo kple afɔ. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2014/psalms/108.mp3
150
108