Agbenya La 2020
|
| 1 |
| O! Mawu, nye dzi le te goŋgoŋgoŋ. Madzi ha, aƒo saŋku kple nye luʋɔ blibo. |
| 2 |
| Saŋku kple kasaŋku, minyɔ! Manyɔ fɔŋli. |
| 3 |
| O! Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha le ŋuwò le anyigbadzitɔwo dome, |
| 4 |
| elabena wò lɔlɔ̃ de blibo, hekɔ wu dziƒowo, eye wò nuteƒewɔwɔ yi ɖatɔ lilikpowo. |
| 5 |
| O! Mawu, woado wò ɖe dzi agbɔ dziƒowo ŋu, eye na wò ŋutikɔkɔe naxɔ anyigba blibo la dzi. |
| 6 |
| Ɖe mí, eye nàkpe ɖe mía ŋu kple wò nuɖusibɔ, be ame siwo nèlɔ̃ vevie la nakpɔ ɖeɖe. |
| 7 |
| Mawu ƒo nu tso eƒe kɔkɔeƒe la be, “Mama Sekem le dziɖuɖu me, eye madzidze Sukɔt Balime. |
| 8 |
| Gilead nye tɔnye, Manase hã tɔnyee; nye gakukue nye Efraim, eye Yuda nye nye fiatikplɔ. |
| 9 |
| Moab nye nye tsiletɔkpo, matsɔ nye atokota aƒu gbe ɖe Edom dzi, eye mado dziɖuɖuɣli ɖe Filistia ŋu.” |
| 10 |
| Ame ka akplɔm ayi du sesẽ la mee? Ame ka akplɔm ayi Edom? |
| 11 |
| O! Mawu, ɖe menye wòe oa? Nu ka wɔ nègbe mí, eye mègadona kple míaƒe aʋakɔwo o? |
| 12 |
| Kpe ɖe mía ŋu ɖe míaƒe futɔwo ŋuti, elabena èna amegbetɔ ƒe kpekpeɖeŋu mele nemi hã me o. |
| 13 |
| Ne Mawu le mía dzi la, míaɖu dzi, eye wòafanya míaƒe futɔwo ɖe eƒe afɔ te. |
| Save Notes |
https://beblia.bible:81/BibleAudio/ewe2020/psalms/108.mp3
150
108