|
| 1 |
|
| O! Mawu, wò ame si mekafu, mègazi ɖoɖoe o, |
|
| 2 |
|
| elabena ame vɔ̃ɖiwo kple alakpatɔwo, ke woƒe nuwo ɖe ŋutinye, eye wogblɔ nya ɖe ŋunye kple alakpaɖewo. |
|
| 3 |
|
| Wotsɔ fulényawo ƒo xlãm; wotso ɖe ŋunye nanekemawɔmawɔe. |
|
| 4 |
|
| Wotsɔ fɔbubu nam ɖe nye lɔlɔ̃ teƒe, ke nye la, ame si doa gbe ɖa vevie lae menye. |
|
| 5 |
|
| Wotsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe nam, eye wotsɔ fuléle ɖo nye lɔlɔ̃ teƒe. |
|
| 6 |
|
| Tia ame vɔ̃ɖi aɖe wòatso ɖe eŋu; eye na amenutsola natsi tsitre ɖe eƒe nuɖusime. |
|
| 7 |
|
| Ne wodrɔ̃ ʋɔnui la, woneɖe agɔdzedze nɛ, eye eƒe gbedodoɖawo nebu fɔe. |
|
| 8 |
|
| Eƒe ŋkekewo nenɔ ʋɛ eye ame bubu naxɔ eƒe amekplɔdɔ awɔ. |
|
| 9 |
|
| Viawo nezu tsyɔ̃eviwo, eye srɔ̃a nezu ahosi. |
|
| 10 |
|
| Viawo nenɔ tsaglãla tsam, anɔ nu biam; wonenya wo do goe le woƒe aƒe gbagbãwo me. |
|
| 11 |
|
| Fetɔ aɖe nexɔ eƒe nunɔmesiwo katã, eye amedzrowo neha nu siwo wòwɔ dɔ kpɔ. |
|
| 12 |
|
| Ame aɖeke megave enu loo, alo akpɔ nublanui na eƒe tsyɔ̃eviwo o. |
|
| 13 |
|
| Eƒe dzidzimeviwo netsrɔ̃, eye woaɖe woƒe ŋkɔwo ɖa le dzidzime si gbɔna la me. |
|
| 14 |
|
| Woneɖo ŋku fofoawo ƒe vodadawo dzi le Yehowa ŋkume, eye womegatutu dadaa ƒe nu vɔ̃ ɖa akpɔ gbeɖe o. |
|
| 15 |
|
| Woƒe nu vɔ̃wo nenɔ Yehowa ŋkume ɖaa, ale be wòaɖe woƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi, |
|
| 16 |
|
| elabena mebu dɔmenyowɔwɔ ŋuti kpɔ o, ke boŋ eƒo hiãtɔ, ame dahe kple ame si ƒe dzi gbã la ƒu anyi woku. |
|
| 17 |
|
| Elɔ̃a ɖiŋudodo, eya ta ɖiŋudodo neva eya ŋutɔ ƒe ta dzi; amewo yayra medoa dzidzɔ nɛ o, eya ta yayra nete ɖa xaa tso eya ŋutɔ gbɔ. |
|
| 18 |
|
| Etsɔ ɖiŋudodo do abe awu ene, wòge ɖe eƒe lãme abe tsi ene, eye wòɖo eƒe ƒuwo me abe ami ene, |
|
| 19 |
|
| eya ta netae abe avɔ ene, eye nebla ali dzi nɛ abe alidziblaka ene tegbetegbe. |
|
| 20 |
|
| Esia nenye fe si Yehowa axe na nunyetsolawo kple ame siwo gblɔa nya vɔ̃ ɖe ŋutinye. |
|
| 21 |
|
| Ke wò la, o Aƒetɔ Yehowa, wɔ nyui nam le wò ŋkɔ la ta, ɖem le wò lɔlɔ̃ si wɔa nyui la ta, |
|
| 22 |
|
| elabena hiãtɔ kple ame dahe menye, eye nye dzi xɔ abi le menye. |
|
| 23 |
|
| Nunye yi abe vɔvɔli le fiẽ me ene eye woʋuʋum abe ʋetsuvi ene. |
|
| 24 |
|
| Le nutsitsidɔ ta la, nye klowo zu belie, eye meɖi ku glaglaglã. |
|
| 25 |
|
| Mezu alɔmeɖenu na nunyetsolawo, eye woʋuʋua ta ne wokpɔm. |
|
| 26 |
|
| O! Yehowa, nye Mawu, kpe ɖe ŋunye, ɖem le wò lɔlɔ̃ la ta. |
|
| 27 |
|
| O! Yehowa, wonenya be to wò asi dzie nèwɔ esia. |
|
| 28 |
|
| Woaƒo fi ade ame, ke wò la àyra ame, ne wotso ɖe ŋunye la, ŋu akpe wo, ke wò dɔla ya atso aseye. |
|
| 29 |
|
| Nunyetsolawo ado vlododo abe awu ene, eye wòata ŋukpe abe avɔ ene. |
|
| 30 |
|
| Matsɔ nye nu ado Yehowa ɖe dzi, eye le ameha gã la dome, makafui, |
|
| 31 |
|
| elabena etsi tsitre ɖe hiãtɔ la ƒe nuɖusime, be yeaɖe eƒe agbe tso ame siwo bu fɔ̃e la ƒe asi me. |
|
|
|
|